Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 28:14 - Agbenya La

14 Saul bia be, “Aleke eƒe dzedzeme le?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Ame si gbɔna la nye amegãɖeɖi si do awu ʋlaya.” Tete Saul dze sii be Samuel ye eye wodze klo tsyɔ mo anyi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye wòbiae bena: Aleke eƒe nɔnɔme le? Eɖo nu bena: Ame tsitsia ɖe le dodom, eye wòɖo awu ʋlaya. Esi Saul dze sii bena, Samuel ye la, ede ta agu, eye wobɔbɔ.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 28:14
7 Mawu Ofanana  

Ale Eliya yi ɖakpɔ Elisa, Safat ƒe vi la, esi wònɔ agble ŋlɔm kple nyiwo ƒe hatsotso wuiɖekɛ siwo yome wònɔ. Ewu bo la ŋɔŋlɔ nu kple nyiawo ƒe hatsotso mamlɛtɔ. Eliya te ɖe eŋu, tsɔ eƒe dziwui da ɖe eƒe abɔta eye wòtrɔ dzo.


Fia la bia be, “Ame kae nye ŋutsu sia? Aleke eƒe dzedzeme le?”


Eliya ɖe eƒe awu ʋlaya, ŋlɔe eye wòtsɔe ƒo tsi la dzi. Tsi la ma ɖe eve le ɖusime kple miame eye wo kple evea wotsoe le anyigba ƒuƒui dzi.


Esi Samuel trɔ be yeadzo la, Saul lé Samuel ƒe awu ʋlaya toga eye awu la vuvu piã!


Tete David do go le agado la me eye wòdo ɣli ɖo ɖe Saul yome be, “Nye aƒetɔ, fia!” Esi Saul nye kɔ kpɔ megbe la, David bɔbɔ de ta agu eye wòmlɔ anyi tsyɔ mo anyi.


Fia Saul gblɔ nɛ be, “Mègana dzidzi naƒo wò o! Nu ka nèkpɔ?” Ŋɔliyɔla la ɖo eŋu be, “Mekpɔ gbɔgbɔ aɖe wòle dodom tso tome gbɔna.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa