Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 28:1 - Agbenya La

1 Le ŋkeke mawo me la, Filistitɔwo ƒo ƒu woƒe aʋakɔwo be woawɔ aʋa kple Israel. Akis gblɔ na David be, “Nyae be wò kple wò ameawo miakplɔm ɖo anɔ nye aʋakɔwo dome.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye wòva me le ɣemaɣi bena, Filistitɔwo ƒo woƒe aʋakɔwo nu ƒu, ne woawɔ aʋa kple Israel. Eye Axis gblɔ na Dawid bena: Nyae be, mia kple wò amewo miele aʋa ho ge kplim!

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 28:1
7 Mawu Ofanana  

Filistitɔwo ƒo ƒu aʋakɔ gã aɖe si me tasiaɖam akpe etɔ̃ (3,000) kple sɔdola akpe ade (6,000) kple afɔzɔla siwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene la nɔ be woawɔ aʋa kple Israel. Woƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas, le Bet Aven ƒe ɣedzeƒe gome.


Azɔ la, Filistitɔwo ƒo woƒe aʋakɔ nu ƒu hena aʋawɔwɔ eye wova ƒo ƒu ɖe Soko le Yuda. Woƒu asaɖa anyi ɖe Efes Damim le Soko kple Azeka dome.


Fia Akis xɔ David dzi se eye wòbu be Israelviwo alé fui azɔ. Fia la bu be, “Azɔ la, atsi afi sia eye wòasubɔm tegbetegbe.”


Le ɣeyiɣi sia me la, Filistitɔwo dze aʋa la wɔwɔ gɔme kple Israelviwo eye Israelviwo si le wo nu. Wowu Israelvi geɖewo le Gilboa to dzi.


Esi Filistitɔwo ƒe amegãwo se nya tso takpekpe gã si wowɔ le Mizpa ŋu la, woƒo woƒe aʋawɔlawo nu ƒu eye wolũ ɖe Israelviwo dzi. Vɔvɔ̃ ɖo Israelviwo ŋutɔ esi wose be Filistitɔwo gogo yewo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa