Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 26:8 - Agbenya La

8 Abisai do dalĩ na David be, “Mawu tsɔ wò futɔ de asi na wò egbe, ɖe mɔ nam matsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ atu edzi eye mamimii ɖe anyigba. Mahiã be magatui edzi zi evelia kura o!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Tete Abisai gblɔ na Dawid bena: Mawu tso wò futɔ de asi na wo egbe, eyata na matu akplɔ edzi zi ɖeka pɛ amimi ɖe anyigba, nyemele eda ge zi eve o!

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 26:8
16 Mawu Ofanana  

Abisai bia be, “Nu ka ta avu kuku sia aƒo fi ade wò, nye aƒetɔ, fia, mahã? Ɖe mɔ nam matso ta le enu!”


Mètsɔm de asi na nye futɔ o, ke boŋ èɖo nye afɔ gbadzaƒe.


Tete Karea ƒe vi, Yohanan ɖe kpɔ Gedalia le Mizpa hegblɔ nɛ be, “Na mayi aɖawu Netania ƒe vi, Ismael eye ame aɖeke manya o. Nu ka ta wòaɖe wò agbe ɖa, ahawɔe be Yudatɔ siwo katã ƒo ta kpli ɖe ŋuwò la nakaka eye Yuda ƒe ame mamlɛawo natsrɔ̃?”


Nugbe ɖe sia ɖe si woɖo ɖe Yehowa ŋu la, mana wòadze edzi o, ke boŋ gbegblẽ mava na wo zi evelia o.


Elabena Mawu ɖe ŋku ɖa le wo ŋu le woƒe nu vɔ̃ ta, ale be yeate ŋu akpɔ nublanui na amewo katã sɔsɔe.


Aleke wɔ futɔ ɖeka pɛ anya wo dometɔ akpe ɖeka eye futɔ eve ko nanya akpe ewo? Ne menye woƒe Agakpee ɖe asi le wo ŋu, eye Yehowa ŋutɔe tsrɔ̃ wo o?


Yehowa na ŋutifafa wo abe ale si wòdo ŋugbe ene; ame aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o. Yehowa kpe ɖe wo ŋu woɖu woƒe futɔwo katã dzi.


Yehowa na woɖu Kanaantɔwo kple Perizitɔwo dzi, wowu ame akpe ewo le Bezek.


Azɔ la, David nɔ agadowo me le gbedzi le Zif ƒe tonyigba dzi. Tso ŋkeke yi ŋkeke la, Saul di David gake Mawu metsɔ David de asi nɛ o.


David ƒe amewo do dalĩ nɛ be, “Azã la su na wò azɔ. Egbee nye ŋkeke si ŋu Yehowa gblɔ le be, ‘Matsɔ Saul ade wò ŋusẽ te eye nàwɔ nu si dze ŋuwò la kplii!’ ” David wɔ ɖɔɖɔɖɔ eye wòlã Saul ƒe awu ʋlaya to!


Ke eƒe dzitsinya de asi fuɖeɖe nɛ me.


Yehowa ŋutɔ axe fe na ame si wɔ nyui kple ame si wɔ nuteƒe. Ao, nyemawu wò o, togbɔ be Yehowa tsɔ wò de asi nam hã.


Ale David kple Abisai yi Saul ƒe aʋakɔ la gbɔ le zã me. Wokpɔ Saul wòdɔ alɔ̃ eye wòtsɔ eƒe akplɔ tu anyigba le eƒe tagbɔ. Ke Abner kple eƒe aʋakɔ la ɖe to ɖee godoo.


Ke David gblɔ na Abisai be, “Mègawui o elabena ame kae anye ame maɖifɔ ne ewu fia si Yehowa ŋutɔ tia?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa