Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 26:24 - Agbenya La

24 Azɔ la, Yehowa naɖe nye agbe abe ale si meɖe tɔwò egbe ene; eye wòaɖem tso nye xaxawo katã me.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Kpɔ ɖa, alesi wò agbe nye nu gã le ŋkunye me egbe la, nenema ke nye agbe anye nu gã le Yehowa ŋku me, eye wòaɖem tso hiãwo katã me.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 26:24
17 Mawu Ofanana  

Mawudɔla si ɖem tso xaxa ɖe sia ɖe me la nayra ɖevi siawo, woade bubu nye ŋkɔ ŋu, eye woade bubu fofonye Abraham kple Isak ƒe ŋkɔwo ŋu. Mawu naɖi ne woazu dukɔ gã aɖe.”


Ke David ɖo eŋu be, “Metsɔ Yehowa, ame si ɖem tso nye futɔwo ƒe asi me la ka atam


Enye nye Mawu lɔlɔ̃tɔ kple nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe kple nye xɔnametɔ kpakple nye akpoxɔnu, nye Mawu si me mebe ɖo, ame si bɔbɔ nye dukɔ ɖe tenye.


O! Yehowa, nye ŋusẽ, melɔ̃ wò.


Èwɔa nuteƒe na nuteƒewɔla, eye nèfiaa ɖokuiwò fɔmaɖilae na ame si ŋu fɔɖiɖi mele o.


ame si ɖeam tso nye futɔwo ƒe asi me. Èkɔm ɖe dzi gbɔ nye futɔwo ta, eye nèɖem tso ŋutasẽlawo ƒe asi me.


ekpɔa eƒe ƒuwo katã ta, eye womaŋe wo dometɔ aɖeke o.


Eɖem tso nye xaxawo katã me, eye nye ŋkuwo kpɔ ale si woɖu nye futɔwo dzii.


Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo le nublanui kpɔm na amewo, elabena miawoe woakpɔ nublanui na.


elabena ale si nèdrɔ̃a ʋɔnu ame bubuwoe la, nenema tututue woadrɔ̃ ʋɔnu wò hãe, eye dzidzenu si ŋu dɔ nèwɔ la, dzidzenu ma ke ŋu dɔ woawɔ atsɔ adzidze nu na wò hã.


eye wodo ŋusẽ xɔsetɔwo be woalé xɔse me ɖe asi. Wode dzi ƒo na xɔsetɔawo be, “Ele na mí be míato fukpekpe geɖewo me hafi age ɖe mawufiaɖuƒe la me.”


Mido gbe ɖa hã be míado go le ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me, elabena menye ame sia ame si xɔse la le o.


Meɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, wòe nyae.” Eye wògblɔ nam be, “Woawoe nye ame siwo do go tso xaxa gã la me. Wonya woƒe awu ʋlayawo, eye wowɔ wo ɣie to Alẽvi la ƒe ʋu me.


Ɣe sia ɣi si Filistitɔwo ho aʋa ɖe Israelviwo ŋu la, David ƒe aʋakɔwo ɖua Filistitɔwo dzi wu Saul ƒe aʋakplɔla mamlɛawo tɔwo. Ale David ƒe ŋkɔ ɖi hoo le anyigba blibo la dzi.


Esi David wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, Saul biae be, “Wò gbee nye ema, vinye David?” Ale wòwo avi sesĩe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa