Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 26:11 - Agbenya La

11 Ke Yehowa melɔ̃ be mawu ame si eya ŋutɔ tia be wòanye fia o. Nu si míawɔ enye míatsɔ eƒe akplɔ kple eƒe tsinoze eye míadzo le afi sia!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Nede megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be, made nye asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu! Eyata tsɔ akplɔ, si le eƒe tade, kple tsize la, ne miadzo!

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 26:11
11 Mawu Ofanana  

David biae be, “Nu ka ŋuti mèvɔ̃ o eye nèdo wò asi ɖa wu Yehowa ƒe amesiamina la?”


Elabena David gblɔ nɛ be, “Wò ʋu ava wò ŋutɔ wò ta dzi. Wò ŋutɔ wò nue ɖu ɖasefo ɖe ŋuwò esi negblɔ be, ‘Mewu Yehowa ƒe amesiamina la.’ ”


David blu ɖe eta gblɔ be, “Nya kae le nye kple mi Zeruya ƒe viwo dome? Egbe miezu nye futɔwo. Ɖe wòle be woawu ame aɖe le Israel egbea? Ɖe mènya be egbea menye fia le Israel oa?”


Le amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo me la, metsɔ wò numenya kpɔ ɖokuinye dzii be, nyemage ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔwo dzi o.


Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o. Miwɔ nyui, ale be ame sia ame nate ŋu akpɔe be mienye nyateƒetɔwo le goawo katã me.


Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o. Migblẽ hlɔ̃biabia ɖe Mawu ƒe asi me, elabena eya ŋutɔe gblɔ be yeabia hlɔ̃ ame siwo dze na hlɔ̃biabia la.


Migatsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe alo dzu ɖo dzu teƒe o, ke boŋ miɖo teƒe na wo kple yayra, elabena esia ta woyɔ mi vɛ ɖo be mianyi yayra ƒe dome.


Fifia, esi metsi tsitre ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina la ƒe ŋkume la, medi be mabia mi be ame ka ƒe nyitsu alo tedzi mefi kpɔ? Meba ame aɖe kpɔa? Mexɔ zãnu le ame aɖe si kpɔa? Mete ame aɖe ɖe anyi kpɔa? Migblɔe nam eye maɖo nu si mexɔ alo nu vɔ̃ si mewɔ la teƒe.”


“Yehowa nedrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome eye Yehowa neɖo vɔ̃ siwo katã nèwɔ ɖe ŋunye la teƒe na wò. Ke nye ya nye asi maka ŋutiwò o.


David ƒe amewo do dalĩ nɛ be, “Azã la su na wò azɔ. Egbee nye ŋkeke si ŋu Yehowa gblɔ le be, ‘Matsɔ Saul ade wò ŋusẽ te eye nàwɔ nu si dze ŋuwò la kplii!’ ” David wɔ ɖɔɖɔɖɔ eye wòlã Saul ƒe awu ʋlaya to!


Egblɔ na eƒe amewo be, “Nede megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be mawɔ nenem nu vɔ̃ ma ɖe nye aƒetɔ si nye Yehowa ƒe amesiamina la ŋu, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa