Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 25:34 - Agbenya La

34 elabena metsɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si na nyemewɔ nuvevi wò o la, ka atam be ne menye ɖe nèva do gom o la, Nabal ƒe amewo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã maganɔ agbe etsɔ ŋdi o.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Ɖeko meta Yehowa, Israel ƒe Mawu, si xe mɔ nam be, nyemagawɔ vɔ̃ wò o la ƒe agbe, ɖe menye ɖe nèɖe abla va kpem o la, anye ne ŋutsua ɖeke makpɔtɔ na Nabal, hafi ŋu nake o.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 25:34
8 Mawu Ofanana  

Mawu ɖo eŋu be, “Ɛ̃, menyae nenema, eya ta mekpɔ egbɔ be mèwɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye o. Esia tae nyemeɖe mɔ na wò be nàka asi eŋu o ɖo.


Gibeontɔwo ɖo ame ɖe Yosua le Gilgal enumake be, “Miva kpe ɖe miaƒe subɔlawo ŋu! Miva kaba ne miava ɖe mí! Amoritɔwo ƒe fiawo katã tso woƒe nɔƒewo le toawo dzi va le mía gbɔ kple woƒe aʋakɔwo.”


Yosua kple Israelviwo ƒe aʋakɔ la zɔ mɔ zã blibo la tso Gilgal, eye woɖi ɖe futɔwo dzi kpoyi.


Saul va do ŋdi kanya kple eƒe aʋakɔ si wòma ɖe aʋalɔgo etɔ̃ me. Edze Amonitɔwo dzi kpata eye wòwu wo tso ŋdi ma va se ɖe ŋdɔ. Ame siwo tsi agbe la kaka ale gbegbe be wo dometɔ eve aɖeke menɔ teƒe ɖeka o.


Abigail ɖe abla enumake, tsɔ abolo alafa eve (200), wain atigo eve, alẽ atɔ̃ siwo wowu la ƒe lã, bli tɔtɔ agba eve, abolo alafa ɖeka si wowɔ kple waintsetse ƒuƒu kple abolo alafa eve siwo wowɔ kple gbotsetse. Etsɔ nu siawo ɖo tedziwo dzi.


Mawu nefia David eye wòagafiae ɖe edzi ɖaa ne hafi etsɔ ŋdi naɖo la, magblẽ ŋutsu aɖe ɖi nɛ agbagbe!”


Aƒetɔ, zi ale si Yehowa ɖe wò tso amewuwu kple hlɔ̃biabia me ta la, metsɔ Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ wò agbe le kuku ɖem be fiƒode naɖi wò futɔwo katã, abe Nabal ene, ŋu.


Esi David se be Nabal ku la, egblɔ be, “Woakafu Yehowa! Mawu ɖo eteƒe na Nabal eye wòkpe ɖe ŋunye be nye ŋutɔ nyemebia hlɔ̃e o. Exɔ eƒe tohehe le eƒe nu vɔ̃ ta!” David dɔ eƒe dɔlawo ɖe Abigail gbɔ enumake be woagblɔ nɛ be yedi be wòazu ye srɔ̃.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa