Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 25:18 - Agbenya La

18 Abigail ɖe abla enumake, tsɔ abolo alafa eve (200), wain atigo eve, alẽ atɔ̃ siwo wowu la ƒe lã, bli tɔtɔ agba eve, abolo alafa ɖeka si wowɔ kple waintsetse ƒuƒu kple abolo alafa eve siwo wowɔ kple gbotsetse. Etsɔ nu siawo ɖo tedziwo dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Tete Abigail wɔ kaba tsɔ abolo alafa eve, wein lãgbalẽgolo eve, alẽ atɔ̃, siwo woɖa, bli tɔtɔe dzidzenu atɔ̃, weintsetse ƒuƒu bolo alafa ɖeka kple gbotsetsebolo alafa eve, eye wotso wo ɖo tedziwo dzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 25:18
14 Mawu Ofanana  

Esi David to toa tame yina sẽe ko la, Ziba, ame si nye Mefiboset ƒe aƒedzikpɔla la va tui. Etsɔ abolo alafa eve, waintsetse ƒuƒu ka alafa ɖeka, waintsetse mumu kpo alafa ɖeka kple wain adzafi sue ɖeka ɖe tedzi eve dzi vɛ.


Kpuiƒetsolawo kple ame siwo tso didiƒe ke abe Isaka, Zebulon kple Naftali ene la tsɔ nuɖuɖu ɖe tedziwo, kposɔwo kple nyiwo dzi vɛ. Wotsɔ wɔ, akpɔnɔ, waintsetse, wain, ami, nyiwo kple alẽwo vɛ hena kplɔ̃ɖoɖo elabena dzidzɔ yɔ Israel ƒe anyigba blibo la dzi.


Nunana ʋua mɔ na nunala eye wòkplɔnɛ gena ɖe amegã la ƒe ŋkumee.


Nunana si wona le adzame la faa dziku nu eye zãnu si woɣla ɖe awu ʋlaya te hafi tsɔ vɛ la léa avu dziku helĩhelĩ.


Le nyɔnu sia ƒe agbemeŋkekewo katã me la, ehea nyui ko vɛ, ke menye vɔ̃ o.


“Wɔ ɖeka kple wò futɔ si kplɔ wò yina ʋɔnui la kaba esi miegale mɔa dzi ko. Ne menye nenema o la, atsɔ wò ade asi na ʋɔnudrɔ̃la, ʋɔnudrɔ̃la hã atsɔ wò ade asi na asrafomegã, eye woade wò mɔ.


Azɔ la, Yese gblɔ na Via ŋutsu David be, “Tsɔ bli tɔtɔe agba ɖeka sia, si de kilogram wuiade kple abolo ewo siawo eye nàɖe abla atsɔ wo ayi na nɔviwòwo le woƒe asaɖa la me.


Anyo be nàbu ta me kaba, elabena nya sesẽ aɖe le dzɔdzɔ ge ɖe míaƒe aƒetɔ kple ƒome blibo la dzi. Míaƒe aƒetɔ nye kɔlialiatɔ ale gbegbe be ame aɖeke maƒo nu nɛ wòase o.”


elabena metsɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si na nyemewɔ nuvevi wò o la, ka atam be ne menye ɖe nèva do gom o la, Nabal ƒe amewo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã maganɔ agbe etsɔ ŋdi o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa