Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 25:10 - Agbenya La

10 Ke Nabal bia be, “Ame kae nye David eye ame ka tututue Yese vi sia bu be yenye? Subɔla geɖewo li le ŋkeke siawo me, ame siwo si dzo le woƒe aƒetɔwo gbɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ke Nabal ɖo ŋu na Dawid ƒe dɔlawo gblɔ bena: Ameka nye Dawid, eye ameka nye Isai vi? Egbe siawo la dɔla geɖewo ɖe wole go dzem le woƒe aƒetɔwo gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 25:10
14 Mawu Ofanana  

Seba nye yakame aɖe eye wòganye Bikri, Benyamintɔ la ƒe vi. Eku kpẽ eye wòdo ɣli be, “Migbugbɔ le David yome! Migadze eyome o, Israel ŋutsuwo, mina míadzo: menye míaƒe fiae o!”


Esi Israel katã kpɔ be fia la gbe toɖoɖo yewo la, woɖo eŋu na fia la be, “Gomekpɔkpɔ kae le mía si le David me eye domenyinu kae míaxɔ tso Yese vi la gbɔ? Oo Israel, miyi miaƒe agbadɔwo me! Oo David, kpɔ wò ŋutɔ wò aƒe gbɔ!” Ale Israelviwo dzo yi aƒe me.


Farao bia be, “Ame kae nye Yehowa be maɖo toe, eye maɖe asi le Israel ŋu? Nyemenya Yehowa o, eye nyemaɖe asi le Israel ŋu o.”


Nyaŋuɖoɖo kple gbe bɔbɔe tsia dziku nu, ke nyagbɔgblɔ kple gbedaɖeame nana dɔmedzoe flana.


Mègatsi dzi ɖe “ŋkekenyui siwo va yi” la ŋu o elabena mènya ne wonyo wu egbeŋkeke siawo o!


Womagayɔ bometsilawo be bubumewo, eye womagayɔ yakamewo be ame ŋkutawo o,


Yakamewo ƒe wɔnawo vɔ̃ɖi. Woɖoa nu vɔ̃ɖiwo be woatsrɔ̃ hiãtɔwo kple alakpa, ne hiãtɔwo ƒe nya dzɔ hã.


Gaal do ɣli be, “Ame kae nye Abimelek eye nu ka ta wòanye míaƒe fia? Nu ka ta míanye eƒe subɔlawo? Eya kple xɔlɔ̃a, Zebul, boŋue anye míawo ƒe subɔlawo. Miɖe kɔ ɖa le Abimelek ŋu!


Saul do dɔmedzoe ŋutɔ, eblu ɖe Yonatan hegblɔ be, “Wò, nyɔnu ɖigbɔ, dzeaglã ƒe vi! Ɖe nèbu be nyemenya be yedi be Yese vi ma naɖu fia ɖe nye teƒe eye nàdo ŋukpe wò ŋutɔ kple dawò siaa oa?


Tete ame siwo nɔ hiãkame aɖe me abe fenyilawo ene alo ame siwo nu tɔxɛ aɖe nɔ fu ɖem na la de asi egbɔ vava me va se ɖe esime wòva zu tatɔ na ame abe alafa ene ene.


Ɖekakpuiawo va gblɔ David ƒe nya la na Nabal.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa