Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 24:9 - Agbenya La

9 David do ɣli na Saul be, “Nu ka ta nèle to ɖom ame siwo le gbɔgblɔm na wò be, David ɖoe kplikpaa be yeawɔ nuvevi wò?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Emegbe Dawid tso hedo le agado la me, eye wòdo ɣli ɖe Saul yome gblɔ bena: Nye aƒetɔ fia! Eye Saul nyẽ kɔ, tete Dawid de ta agu, eye wòbɔbɔ.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 24:9
19 Mawu Ofanana  

Made ga nu na ame si ƒo ɖi ehavi ƒe ŋkɔ le bebeme, eye ame si ŋku gã le esi eye wòdana le dzi me la, eya nyematɔ ɖe egbɔ o.


woatutu woƒe dziɖulawo tso togbɛwo dzi aƒu agame, eye ame vɔ̃ɖiwo anya be megblɔ nye nyawo memie ɖe eteƒe.


Ame vɔ̃ɖi dea dzre aƒe eye amenyagblɔla maa xɔlɔ̃ veviwo dome.


Ame vɔ̃ɖi ɖoa to nuyi vɔ̃ɖiwo eye aʋatsotɔ ƒua to anyi ɖe aɖe si gblẽa ame ŋu la ŋu.


Amenyagblɔla ƒe nyawo vivina abe nuɖuɖu vivi si woka de nu me la ene; woyina ɖe ame ƒe dɔgbowo me ke.


Abe ale si anyieheya hea tsidzadza vɛ ene la, nenema amenyagblɔɖe dea adã mo na amee.


Alakpaɖe léa fu ame siwo ŋuti wòle abi demii, eye nu si blea ame la hea gbegblẽ vɛ.


Ne dziɖula ɖo to beblenyawo la, eƒe dɔnunɔlawo katã zua ŋutasẽlawo.


Tete Yeremia gblɔ na Fia Zedekia be, “Agɔ kae medze le dziwò, wò dumegãwo alo ame siawo dzi, be nètsɔm de gaxɔ me?


“ ‘Mèganye sakplisala anɔ yiyim le wò dukɔ me o. “ ‘Mègade nɔviwò asi be woatso kufia nɛ o, elabena nyee nye Yehowa.


Aɖe ŋutɔ hã nye dzo; enye xexeme vɔ̃ɖi le ŋutinuwo dome. Egblẽa ameti blibo la dome. Etɔa dzo ame ƒe agbenɔnɔ blibo la, eye mlɔeba la, wòtɔa dzo eya ŋutɔ hã le dzomavɔʋe me.


Azɔ la, David si tso Nayɔt le Rama eye wòyi Yonatan gbɔ hebiae be, “Nu ka mewɔ? Agɔ ka medze? Nu ka ta fofowò ɖo ta me kplikpaa nenema be yeawum ɖo?”


Esi ŋutsuvi la dzo teti ko la, David do go tso afi si wòbe ɖo le gbegbe la ƒe dziehe lɔƒo. Ebɔbɔ de ta agu na Yonatan zi etɔ̃. Wokpla asi kɔ na wo nɔewo eye wofa avi, ke David fa avi wu Yonatan.


Wò ŋutɔ èkpɔe kple wò ŋkuwo le egbeŋkeke sia dzi ale si Yehowa tsɔ wò de asi nam le agadoa me eye nye ame aɖewo ƒoe ɖe nunye be mawu wò, gake meɖe wò agbe elabena megblɔ be, ‘Nyemakɔ nye asi dzi ɖe nye aƒetɔ ŋu o, elabena Yehowa ƒe amesiaminae wònye.’


Tete David do go le agado la me eye wòdo ɣli ɖo ɖe Saul yome be, “Nye aƒetɔ, fia!” Esi Saul nye kɔ kpɔ megbe la, David bɔbɔ de ta agu eye wòmlɔ anyi tsyɔ mo anyi.


Eye wòyi edzi be, “Nu ka ta nye aƒetɔ le eƒe subɔla yome tim? Nu ka mewɔ eye nu ka tututue nye nu vɔ̃ si mewɔ?


Azɔ la, nye aƒetɔ, fia la nase eƒe subɔla ƒe nyawo. Nenye Yehowae na nètso ɖe ŋunye la, ekema mexɔ nye vɔsa. Ke nenye amegbetɔviwo ƒe ɖoɖoe la, ekema Yehowa ŋutɔ naƒo fi ade wo elabena wonyam dzoe le mía de ale be nyemate ŋu anɔ Yehowa ƒe amewo dome o eye woɖom ɖa be masubɔ mawu bubuwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa