Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 24:19 - Agbenya La

19 Ne ame aɖe do go eƒe futɔ la, ɖe wòɖea asi le eŋu wòdzona nuvevimawɔmawɔea? Yehowa neɖo nyui sia teƒe na wò geɖe, ɖe nu si nèwɔ nam egbea la ta.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Ede nyui, si nèwɔ nam la, fia egbe be, esi Yehowa tsɔm de asi na wò la, mèwum o.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 24:19
8 Mawu Ofanana  

Yehowa nɔ kplim le nye dzɔdzɔenyenye nu, eye wòwɔ nyui nam le esi nye asi me dza la ta.


Gbe ɖeka la, Mika gblɔ na dadaa be, “Wò klosalo akpe ɖeka kple alafa si nèbe ame aɖe fi, eye nèle fi ƒom le amea dem lae nye esi. Nyee fii.” Dadaa gblɔ nɛ be, “Mawu nayra wò le ale si nèʋu eme nam la ta.”


Yehowa naɖo nyui si nèwɔ la teƒe na wò. Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si gbɔ nèva le sitsoƒe dim le la naɖo eteƒe na wò.”


Yonatan ka ɖe edzi na David bena “Mègavɔ̃ o, fofonye ƒe asi masu dziwò gbeɖe o! Wòe azu fia ɖe Israel dzi eye manɔ ŋuwò, anye evelia na wò abe ale si fofonye nyae nyuie ene.”


Saul gblɔ be, “Yehowa ayra mi be miewɔ dɔmenyo gã sia nam!


Yehowa ŋutɔ axe fe na ame si wɔ nyui kple ame si wɔ nuteƒe. Ao, nyemawu wò o, togbɔ be Yehowa tsɔ wò de asi nam hã.


Saul gblɔ na David be, “Woayra wò, vinye David; àwɔ nu dzɔatsuwo eye ànye dziɖula gã aɖe.” David trɔ dzo eye Saul yi eƒe nɔƒe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa