Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 24:18 - Agbenya La

18 Ègblɔ nyui si nèwɔ nam la fifi laa. Yehowa tsɔm de asiwò me, gake mèwum o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 hegblɔ na Dawid bena: Enye ame dzɔdzɔe wum, elabena èwɔ nyui nam, ke nye la mewo vɔ̃ ɖe ŋuwò!

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 24:18
10 Mawu Ofanana  

Yuda lɔ̃ be ye tɔwoe, eye wògblɔ be, “Etɔ dzɔ, elabena megbe be nyemawɔ ŋugbedodo dzi atsɔe na vinye, Sela wòaɖe o.” Tso ema dzi la, megadɔ kplii kpɔ o.


Mètsɔm de asi na nye futɔ o, ke boŋ èɖo nye afɔ gbadzaƒe.


ekema na nye futɔ nati yonyeme, eye eƒe asi nasu dzinye; na be wòafanyam ɖe anyigba, eye wòana matsi ke me adɔ. Sela


Ne èwɔ esia la, àƒo dzoka xɔxɔwo nu ƒu ɖe eƒe ta dzi, eye Yehowa ŋutɔ aɖo eteƒe na wò.


David bia be, “Ɖe Keilatɔ siawo atsɔ mí ade asi nɛa?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, woatsɔ mi ade asi nɛ.”


Eteƒe medidi hafi Saul se be David nɔ Keila o. Saul do ɣli be, “Ahã! Enyo! Míaƒe asi su edzi azɔ, Mawu tsɔe de asi nam elabena eya ŋutɔe yi ɖatu eɖokui ɖe du si woɖo gli ƒo xlãe la me!”


Wò ŋutɔ èkpɔe kple wò ŋkuwo le egbeŋkeke sia dzi ale si Yehowa tsɔ wò de asi nam le agadoa me eye nye ame aɖewo ƒoe ɖe nunye be mawu wò, gake meɖe wò agbe elabena megblɔ be, ‘Nyemakɔ nye asi dzi ɖe nye aƒetɔ ŋu o, elabena Yehowa ƒe amesiaminae wònye.’


Ne ame aɖe do go eƒe futɔ la, ɖe wòɖea asi le eŋu wòdzona nuvevimawɔmawɔea? Yehowa neɖo nyui sia teƒe na wò geɖe, ɖe nu si nèwɔ nam egbea la ta.


Yehowa ŋutɔ axe fe na ame si wɔ nyui kple ame si wɔ nuteƒe. Ao, nyemawu wò o, togbɔ be Yehowa tsɔ wò de asi nam hã.


Abisai do dalĩ na David be, “Mawu tsɔ wò futɔ de asi na wò egbe, ɖe mɔ nam matsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ atu edzi eye mamimii ɖe anyigba. Mahiã be magatui edzi zi evelia kura o!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa