Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 23:27 - Agbenya La

27 Le ɣe ma ɣi tututu la, du va tu Saul be Filistitɔwo gava nɔ Israel ham.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Tete ame dɔdɔa ɖe va Saul gbɔ gblɔ bena: Nètsɔ nava, elabena Filistitɔwo va ƒo ɖe anyigba la dzi!

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 23:27
9 Mawu Ofanana  

Abraham na ŋkɔ teƒe la be, “Yehowa naa nu,” eye ŋkɔ sia tsi eŋu va se ɖe egbe.


Azɔ gbe va na Senakerib be, Tirhaka, Kus fia, si le Egipte ƒe dzigbeme lɔƒo la ho aʋa gbɔna edzi dze ge. Ke egadɔ amewo ɖo ɖe fia Hezekia gbɔ be woagblɔ nɛ be,


Emegbe la, Filistitɔwo gava kaka ɖe balime la me.


Ku ƒe kawo blam, eye tsiẽƒe ƒe vevesese va dzinye. Hiã tum, eye nuxaxa va dzinye.


Yehowa axɔ na eƒe dukɔ, ne ekpɔ be ŋusẽ vɔ le eŋu. Ave ame siwo subɔnɛ la nu ne ekpɔ be wɔna mele wo ŋu o.


Ke anyigba la kpe ɖe nyɔnu la ŋu esi wòke eƒe nu hemi tɔsisi si ʋɔ driba la tu to eƒe nu me la.


Saul nɔ to aɖe ƒe akpa ɖeka ŋu eye David hã nɔ to ma ke ƒe akpa evelia ŋu. Esi wòsusɔ vie Saul kple eƒe amewo naɖe to ɖe David kple eƒe amewo la, David dze agbagba be yeasi gake mɔnukpɔkpɔ aɖeke menɔ anyi o.


Eya ta Saul ɖe asi le David yometiti ŋu eye wòtrɔ yi be yeawɔ aʋa kple Filistitɔwo. Tso ɣe ma ɣi dzi la, woyɔa teƒe si David ƒu asaɖa anyi ɖo la be “Kaklã ƒe Agakpe.”


Akis biaa David be, “Afi ka tɔwo dzi miedze egbea?” David ɖoa eŋu be, “Míedze ame siwo le Yuda ƒe anyigbeme kple Yerameeltɔwo kple Kenitɔwo dzi.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa