Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 23:23 - Agbenya La

23 Mikpɔ afi si tututu wòbe ɖo eye miatrɔ ava gblɔe nam. Ekema mayi kpli mi eye ne anya nɔ afi ma lɔƒo ko la, ne wòahiã be madii le nuto me blibo la hã la, madii eye makpɔe kokoko!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eyata miyi ɖadii le bebeƒe, siwo katã wòɣla ɖo la, eye ne mienyae vavã la, ekema migbugbɔ va gbɔnye, ne mayi kpli mi! Nenye be, ele anyigba la dzi la, ekema madii le Yuda ƒe ame akpeawo katã dome.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 23:23
14 Mawu Ofanana  

Meta Yehowa, wò Mawu la ƒe agbe be dukɔ alo fiaɖuƒe aɖeke meli si nye aƒetɔ medɔ ame ɖo be woadi wò o. Ne dukɔ aɖe alo fiaɖuƒe aɖe gblɔ be mèle yewo gbɔ o la, enana wokaa atam be nyateƒee yewomekpɔ wò o.


Fia la ɖe gbe be, “Miyi miakpɔ afi si wòle ekema míaɖo asrafowo ɖa woayi aɖalée.” Woyi gbɔ va gblɔ na fia la be, “Elisa le Dotan!”


Edea xa ɖe kɔƒewo xa; ewu ame maɖifɔwo le xame, eye wòtsa ŋu na ame si wòalé le bebeme.


elabena woƒe afɔ ɖea abla ɖe nu vɔ̃ ŋu eye wogona ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu.


“Ke wò, Betlehem, Efrata, togbɔ be èle sue le Yuda ƒe ƒomeawo dome hã la, mewòe ame si le nye dukɔ Israel kplɔ ge la ado tso nam. Ame si ƒe dzɔtsoƒe metsɔ o elabena eli tso keke blema ke.”


Ne wodro nubablaɖaka la ɖi la, egblɔna be, “Yehowa, trɔ gbɔ va Israelvi akpe akpeawo gbɔ.”


Azɔ esusɔ ŋkeke eve pɛ ko ne Ŋutitoto kple Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui la naɖo, eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo ganɔ ayemɔ si dzi woato alé Yesu, awui le bebeme la dim.


Miyi ne miaka ɖe afi si wòle kple ame siwo kpɔe le afi ma la dzi elabena menya be ayetɔ gã aɖee wònye.


Ale wodo ŋgɔ na Saul yi Zif. David kple eƒe amewo nɔ Maon gbegbe si le Araba le Yesimo ƒe dziehe lɔƒo.


Kpɔe ɖa, fofonye, kpɔ wò awu ʋlaya ƒe kakɛ si le nye asi me la ɖa! Melã wò awu ʋlaya to gake nyemewu wò o. Azɔ se egɔme eye nànyae be nu tovo wɔwɔ alo aglãdzedze ƒe fɔɖiɖi mele dzinye o. Nyemedze agɔ le dziwò o, ke wò ya èti yonyeme kutɔkutɔe be yeaɖe nye agbe ɖa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa