Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 22:20 - Agbenya La

20 Eye Ahitub vi, Ahimelek ƒe vi ɖeka si ŋkɔ nye Abiata la si dze David yome.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye Axitub vi, Aximelex ƒe vi ɖeka, si ŋkɔ nye Abyatar la, si dze Dawid yome.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 22:20
15 Mawu Ofanana  

Abiata kple Zadok kple Levitɔwo kɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye wodae ɖe mɔto va se ɖe esime ame sia ame va yi vɔ.


Seve nye nuŋlɔla eye Zadok kple Abiata nye nunɔlawo.


Adoniya he Aʋafia Yoab kple nunɔla Abiata ɖe eƒe akpa dzi eye wodo ŋugbe nɛ be, yewoakpe ɖe eŋu wòazu fia.


David yɔ Zadok kple Abiata, ame siwo nye Nunɔlagãwo kple Uriel, Asaya, Yoel, Semaya, Eliel kple Aminadab, ame siwo nye Levi ƒe viwo ƒe kplɔlawo


Zadok, Ahitub ƒe vi kple Ahimelek, Abiata ƒe vi nye nunɔlawo eye Sausa nye fia la ƒe nuŋlɔla.


Kasia ya sesẽ aɖe ƒo tso gbegbe va lɔ xɔ la ƒe dzogoe eneawo ɖe me. Tete xɔ la mu dze wo dzi eye woku; nye ɖeka koe te ŋu si be mava gblɔe na wò!”


Nunɔla Ahiya si do akɔtawui hã nɔ ameawo dome. Ahiya nye Ahitub, Ikabod nɔvi ƒe vi, eganye Finehas ƒe tɔgbuiyɔvi eye Finehas fofoe nye Eli, Yehowa ƒe nunɔla le Silo. Ke ame aɖeke menya be Yonatan yi o.


Mia dometɔ ɖe sia ɖe si nyemeɖe ɖa le nye vɔsamlekpui ŋgɔ o la atsi agbe, gake woana aɖatsi natsyɔ wò ŋkuwo dzi eye woahe dzigbagbã vɛ na wò. Ale wò dzidzimeviwo katã aku le woƒe ɖekakpui dzodzoe me.


Esi Abiata gblɔ nu si Saul wɔ na David la,


Ale Abiata, Ahimelek ƒe vi, yi Keila le David gbɔ. Etsɔ eƒe kɔmewu ɖe asi, ale be yeate ŋu ase nya tso Mawu gbɔ agblɔ na David.


Ke David se nu tso Saul ƒe ɖoɖowo ŋu eye wògblɔ na nunɔla Abiata be wòatsɔ eƒe kɔmewu la vɛ eye wòabia nu si yewoawɔ la tso Yehowa gbɔ.


David gblɔ na nunɔla Abiata, Ahimelek ƒe vi be wòatsɔ eƒe kɔmewu la vɛ eye Abiata wɔ ɖe edzi.


Ŋutsu aɖe si tso Benyamin ƒe to la me la, ƒu du tso aʋagbedzi eye wòɖo Silo gbe ma gbe ke. Eƒe awuwo vuvu eye ʋuʋudedi nɔ tame nɛ. Nɔnɔme sia fia konyifafa le ɣe ma ɣi me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa