Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 22:18 - Agbenya La

18 Fia la ɖe gbe na Doeg be, “Wò ŋutɔ wu wo!” Ale Doeg, Edomtɔ la wu nunɔla blaenyi-vɔ-atɔ̃wo le esime wonɔ nunɔlawo ƒe awu me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Tete fia la gblɔ na Doeg bena: Wòa te yi, ne nada nu nunɔlawo! Enumake Edomtɔ Doeg te yi heda nu nunɔlawo, eye wowu ŋutsu blanyi va atɔ, siwo do aklalakɔmewuwo la gbemagbe.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 22:18
14 Mawu Ofanana  

Tete wobla ɖe eŋu eye woƒu kpee le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu, le fia la ƒe sedede nu.


Wotsɔ woƒe nunɔlawo de asi na yi, eye avi bu ɖe woƒe ahosiwo.


“Wɔ awu ʋlayawo, alidziblanuwo kple tablanuwo na Aron ƒe viŋutsuwo be woade bubu wo ŋu.


Mègade xa ɖe ame dzɔdzɔe ƒe aƒe ŋu o, mègava ha enɔƒe o


eye woaŋe Efraim, agbãe gudugudu, elabena eɖoe kplikpaa be yeadze legbawo yome.


“Wotsɔa woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ doa nukokoe na fia la, eye dumegãwo kpɔa dzidzɔ koa nu le woƒe alakpadadawo ta.


Miewɔ nu ɖe Omri ƒe sewo nu eye miewɔ Ahab ƒe aƒe la ƒe nuwɔnawo katã. Miedze woƒe nuɖoanyiwo yome eya ta matsɔ mi ade asi na gbegblẽ eye wò amewo azu alɔmeɖenu; ale dukɔwo ƒe vlododo ava dziwò.”


Eƒe kplɔlawo le abe dzata dɔwui si le gbe tem la ene. Woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le abe amegaxi si lé nu le zã me, eye wòɖui vɔ keŋ hafi ŋu ke la ene.


Ke Samuel ya subɔna le Yehowa ŋkume, enye ɖevi si doa aklala biɖibiɖi ƒe kɔmewu.


Ɖe nyemetia mia tɔgbi Levi tso Israel towo katã dome be wòanye nunɔla nam, be wòasa vɔ le nye vɔsamlekpui dzi, wòatsɔ nu ʋeʋĩ ado dzudzɔ nam eye wòado nunɔlawo ƒe awu ne ele subɔyem oa? Eye ɖe nyemetsɔa vɔsanuwo naa mi nunɔlawo oa?


Ekema ame sia ame si susɔ ɖe wò ƒome la me ava de ta agu ɖe eŋkume abia klosaloga ɖeka alo abolo kakɛ aɖe kple kukuɖeɖe be, “De nunɔla ƒe dɔ aɖe asi nam ale be mate ŋu akpɔ nu vi aɖe aɖu.” ’ ”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa