Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 22:14 - Agbenya La

14 Ahimelek ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ, ɖe ame ɖeka aɖe le wò subɔlawo katã dome si nye nuteƒewɔla na wò abe wò toyɔvi, David enea? Eyae nye ŋuwòmewo ƒe amegã eye wòganye wò aƒemetɔ si amewo buna la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Tete Aximelex ɖo ŋu na fia la gblɔ bena: Ameka le wò dɔlawo katã dome, si woa nuteƒe abe Dawid ene, amesi nye fia ƒe to, eye wònye amegã ɖe ŋuwò mewo nu, eye bubu le eŋu le aƒewò me?

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 22:14
13 Mawu Ofanana  

Azɔ la, Israelviwo nɔ gbɔgblɔm be, “Miekpɔ ale si ŋutsu sia le dodom ɖe ŋgɔ edziedzia? Edona be yeaɖe alɔme le Israel ŋu. Fia la ana kesinɔnu gã aɖe ame si awui, woatsɔ via nyɔnuvi hã nɛ wòaɖe eye woana be fofoa ƒe ƒometɔwo magaxe duga le Israel o.”


Ale Saul megaɖe mɔ be David nado ɖe yeƒe ŋkume o. Eɖiɖii, meganye aʋafia o, ke boŋ etsɔe ɖo asrafo akpe ɖeka nu. Ke nuwɔna sia boŋ gana amewo gakpɔa ŋudzedze le David ŋu wu.


David kple eƒe amewo yi ɖawu Filistitɔ alafa eve (200) eye wòtsɔ woƒe aʋanuyiwo yi na Fia Saul. Ale Fia Saul tsɔ via nyɔnuvi, Mixal, na David wòɖe.


Yonatan biae be, “Nu kae wòwɔ? Nu ka tae woawui?”


David da alakpa na Ahimelek be, “Fia la de dɔ ɣaɣlɛ aɖe asi nam. Egblɔ nam be magana ame aɖeke nanya nu si ta meva afi sia o. Mefia teƒe si nye amewo ado gom le emegbe la wo.


Saul biae be, “Nu ka tae wò kple David, miebla ɖe ŋunye? Nu ka ta wò Yese vi nèna nuɖuɖui, tsɔ yi de asi nɛ eye nèbia gbe Mawu tso eŋu gblɔ nɛ? Nu ka ta nèdo ŋusẽe be wòatso ɖe ŋunye eye wòava afi sia, aho aʋa ɖe ŋunye?”


Kpɔe ɖa, fofonye, kpɔ wò awu ʋlaya ƒe kakɛ si le nye asi me la ɖa! Melã wò awu ʋlaya to gake nyemewu wò o. Azɔ se egɔme eye nànyae be nu tovo wɔwɔ alo aglãdzedze ƒe fɔɖiɖi mele dzinye o. Nyemedze agɔ le dziwò o, ke wò ya èti yonyeme kutɔkutɔe be yeaɖe nye agbe ɖa.


Tsɔ vo si meda be medo dzi heva afi sia la kem. Yehowa aɖo eteƒe na wò kokoko, ana wò fiaɖuƒe nasu wò dzidzimeviwo si eye enu matso akpɔakpɔ o elabena Yehowa ƒe aʋawo wɔm nèle eye dzɔgbevɔ̃e madzɔ ɖe dziwò le wò agbemeŋkekewo katã me o.


Yehowa ŋutɔ axe fe na ame si wɔ nyui kple ame si wɔ nuteƒe. Ao, nyemawu wò o, togbɔ be Yehowa tsɔ wò de asi nam hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa