Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 21:8 - Agbenya La

8 David bia Ahimelek ne akplɔ alo yi aɖe le esi si ŋu dɔ yeate ŋu awɔ. Eɖe eme nɛ be, “Ele be matsɔ dzo ɖe fia ƒe dɔ la ŋu eye mawɔe kaba ale gbegbe be nyemete ŋu tsɔ aʋawɔnu aɖeke ɖe asi o!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke Saul ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka le afima, amesi wosika ɖe Yehowa ŋku me gbemagbe; eŋkɔ nye Doeg, Edom-tɔ, si nye Saul ƒe lãkplɔlawo ƒe amegã.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 21:8
6 Mawu Ofanana  

Ale fia la ƒe dɔtsɔlawo do fia la ƒe sɔ ɖeablawo kple du le fia la ƒe gbeɖeɖe nu. Woɖe gbeƒã sea le Susa mɔ gã la hã me.


Migatsɔ ga aɖeke ɖe asi o, migatsɔ mɔzɔkotoku loo alo afɔkpa dodo bubu o. Migagblẽ ɣeyiɣi le mɔ dzi anɔ gbe dom na amewo o!


Eva eme be wosika Doeg, Edomtɔ, ame si nye Saul ƒe lãkplɔlawo ƒe amegã la ɖe Yehowa ŋkume le afi ma le ɣeyiɣi ma me.


Nunɔla la ɖo eŋu be, “Goliat, Filistitɔ si nèwu le Ela balime la ƒe yi le asinye. Woblae ɖe avɔ aɖe me le awuwo dzraɖoƒe le kɔmewu la megbe. Ne èlɔ̃ la, àte ŋu atsɔe elabena aʋawɔnu bubu aɖeke megale afi sia o.” David ɖo eŋu be, “Eya tututu dim mele; tsɔe nam!”


David do ɣli gblɔ na Abiata be, “Menya nenema! Esi mekpɔ Doeg, Edomtɔ la le afi ma la, menya be agblɔe na Saul. Azɔ la, mehe ku vɛ na fofowò ƒe ƒometɔwo katã.


Ke Doeg, Edomtɔ, si nɔ tsitre kple Saul ƒe amewo le afi ma la gblɔ be, “Esi menɔ Nɔb la, mekpɔ Yese viŋutsu la wònɔ dze ɖom kple Ahimelek, Ahitub viŋutsu la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa