Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 21:7 - Agbenya La

7 Eva eme be wosika Doeg, Edomtɔ, ame si nye Saul ƒe lãkplɔlawo ƒe amegã la ɖe Yehowa ŋkume le afi ma le ɣeyiɣi ma me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye nunɔla la tsɔ nu kɔkɔe la nɛ, elabena aboloa ɖeke meli o, negbe ŋkumeɖobolo, si woɖe ɖa le Yehowa ŋku me, be woatsɔ abolo dzodzoe ada di le gbesigbe woɖee ɖa la koe.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 21:7
21 Mawu Ofanana  

Ke alẽkplɔla siwo nye Gerartɔwo la dze go ɖe vudoa dzi. Wohe nya kple Isak ƒe alẽkplɔlawo gblɔ be, “Míaƒe anyigba kple míaƒe vudoe.” Ale wona ŋkɔ vudoa be, “Nyahehevudo.”


Sitrai, tso Saron kpɔa nyi siwo le Saron ƒe gbeɖuƒe la dzi eye Safat, Adlai ƒe vi, kpɔa nyi siwo nɔ balimewo la dzi.


Alẽwo nɔ Yaziz, Hagritɔ la ƒe dzikpɔkpɔ te. Ame siawoe nye Fia David ƒe kesinɔnuwo dzikpɔlawo. Ame siawo katãe nɔ fia David ƒe kesinɔnuwo nu.


Etu mɔwo ɖe Negeb hã eye wòɖe vudo geɖewo elabena lãha geɖewo nɔ esi le balimewo kple gbadzaƒewo. Agbledede doa dzidzɔ nɛ ale agble kple waingble geɖewo nɔ esi, le toawo ŋu kple balime afi si nukuwo nyona le nyuie.


Nye amewo vaa gbɔwò abe ale si wowɔna ɖaa ene, wonɔa anyi ɖe ŋgɔwò be yewoase wò nyawo, gake womewɔa wò nyawo dzi o. Wofiaa nyadziwɔwɔ kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi klẽa ŋu ɖe viɖe ƒoɖiwo ŋu.


“ ‘Ame si menye nunɔla o la mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔe la o. Nunɔla ƒe amedzro alo agbatedɔwɔla mekpɔ mɔ aɖu nu sia o.


Ke ne enye ahosi alo eƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ, viŋutsu aɖeke mele esi akpɔ edzi o, eye wògatrɔ va fofoa ƒe aƒe me la, ekema agate ŋu akpɔ gome le fofoa ƒe nuɖuɖu me. Le ame siawo megbe la, ame siwo mele nunɔlawo ƒe ƒomewo me o la mekpɔ mɔ aɖu nu sia o.


“Le Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe dzi la, nunɔlagã atsɔ abolo bɔbɔe wuieve si wotsɔ wɔ kilogram etɔ̃ me ɖe sia ɖe,


Woaɖoe Yehowa ƒe ŋkume ɖaa Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe, eye miatsɔe aɖo ŋku Mawu ƒe nubabla mavɔ si wòwɔ kple Israelviwo la dzi.


Mi ame siwo le gbɔgblɔm be, “Gbe ka gbe dzinu yeye nu le yiyi ge ne míadzra bli, eye Dzudzɔgbe nu le yiyi ge ne míaʋu avawo nu?” Míatsɔ nudanu suewo kple nudzidzenu miamiawo anɔ ame bamii.


“ ‘Ame siawo le buyem kple woƒe nuyiwo, gake woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye.


Saul kplɔ eƒe nyiwo tso agble gbɔna va aƒe me eye wòbia be, “Nya kae dzɔ? Nu ka ta ame sia ame la avi fam?” Wogblɔ nya si wose tso Yabes la nɛ.


Esi Saul zu fia ɖe Israel dzi la, ewɔ aʋa kple woƒe futɔwo le akpa sia akpa dzi: Moabtɔwo, Amonitɔwo, Edomtɔwo, Zoba fiawo kple Filistitɔwo siaa. Afi sia afi si ke wotrɔ ɖo la, eɖua wo dzi vevie.


David bia Ahimelek ne akplɔ alo yi aɖe le esi si ŋu dɔ yeate ŋu awɔ. Eɖe eme nɛ be, “Ele be matsɔ dzo ɖe fia ƒe dɔ la ŋu eye mawɔe kaba ale gbegbe be nyemete ŋu tsɔ aʋawɔnu aɖeke ɖe asi o!”


Abimelek bia nu Yehowa nɛ, ena nuɖuɖui eye wòtsɔ Goliat, Filistitɔ la, ƒe yi hã nɛ.”


David do ɣli gblɔ na Abiata be, “Menya nenema! Esi mekpɔ Doeg, Edomtɔ la le afi ma la, menya be agblɔe na Saul. Azɔ la, mehe ku vɛ na fofowò ƒe ƒometɔwo katã.


Ke Doeg, Edomtɔ, si nɔ tsitre kple Saul ƒe amewo le afi ma la gblɔ be, “Esi menɔ Nɔb la, mekpɔ Yese viŋutsu la wònɔ dze ɖom kple Ahimelek, Ahitub viŋutsu la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa