Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 21:5 - Agbenya La

5 David do eŋu be, “Meka ɖe edzi na wò elabena nyemeɖea mɔ na nye ɖekakpuiwo be woade ha kple nyɔnuwo ne míezɔ mɔ o. Ne wole kɔkɔe ne míezɔ mɔ dzodzrowo la, ekema eme kɔ ƒãa be woanɔ kɔkɔe esi míeva dɔ tɔxɛ sia gbe!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Nunɔla la gblɔ na Dawid bena: Abolo dzodzroa ɖeke mele asinye o, negbe abolo kɔkɔe koe li; ne ɖekakpuiawo nya kpɔ wo ɖokui dzi le nyɔnu gome ko.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 21:5
10 Mawu Ofanana  

Ale Mose ɖi tso to la dzi va ameawo gbɔ. Ekɔ wo ŋuti, eye wonya woƒe awuwo.


Mose gblɔ na wo be, “Midzra ɖo na Mawu ƒe vava le ŋkeke eve megbe. Migadɔ kple nyɔnu aɖeke o.”


eye nàtsɔ Ŋkumeɖobolo tɔxɛ ada ɖe kplɔ̃ la dzi le nye ŋkume ɣe sia ɣi.


Aron kple via ŋutsuwo aɖu abolo la le teƒe tɔxɛ si woɖo na aboloawo ɖuɖu, elabena esiawoe nye dzovɔ si wosa na Yehowa le eƒe se mavɔ la nu. Wonye nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔewo.”


Nu siwo wòtsɔ da ɖe agbo la ƒe lã ƒe akpa siawo dzi la woe nye abolo maʋamaʋã ɖeka si tso kusi si wotsɔ ɖo Yehowa ŋkume la me, abolo si wode amii kple akpɔnɔ ɖeka.


Ke Aƒetɔ la ɖo eŋu na Anania be, “Yi nàwɔ ɖe nye gbe dzi, elabena nye ŋutɔe tia ame sia be wòanye dɔwɔla nam, eye wòagblɔ nye nya na ame siwo menye Yudatɔwo o, fiawo kple Israelviwo ŋutɔ hã,


Eya ta srɔ̃tɔwo nakpɔ egbɔ be yewomegblẽ yewo nɔewo ɖi o, negbe wo ame eve la wowɔ ɖoɖo tɔxɛ be yewoakpɔ ɣeyiɣi ado gbe ɖa. Emegbe la, mite kpe be Satana nagate mi akpɔ le ɖokuidzimaɖumaɖu ta o.


Ne enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, enyo be woakpe fu le nu nyui wɔwɔ ta wu ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ta,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa