Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 20:8 - Agbenya La

8 Ke wò ya la, ve wò dɔla nu elabena èbla nu kplim le Yehowa ŋkume. Ne medze agɔ la, ekema wò ŋutɔ nàwum! Nu ka ŋuti nàtsɔm ade asi na fofowò?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eyata ve wò dɔla nu, elabena mía kple wò dɔla míeɖo Yehowa ƒe nubabla me. Ne meda vo la, ekema wum, nukaŋuti nakplɔm ayi fofowò gbɔe?

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 20:8
16 Mawu Ofanana  

eya ta migblɔ nu si dzi mieɖo kpee la nam. Ɖe miave nye aƒetɔ nu loo alo miave enu awɔ nu si dze la oa? Ne mieɖo eŋu nam la, ekema manya afɔ si magaɖe, ato miame loo alo ɖusime.”


Esi Israel ƒe kuɣi gogo la, eyɔ via Yosef gblɔ nɛ be, “Ka atam nam be yeawɔ nye didi mamlɛtɔ dzi nam: Mègaɖim ɖe Egipte o.


Absalom ɖo eŋu be, “Elabena medi be nàbia fia la nam be, nu ka ta wòkplɔm gbɔe tso Gesur ne medi be yeakpɔm o? Anye ne manɔ afi ma hafi. Na maƒo nu kple fia la eye ne ekpɔ be mewu ame la, wòawum.”


David yi ɖakpe wo eye wògblɔ na wo be, “Ne mieva le ŋutifafa me be yewoakpe ɖe ŋunye la, ekema mele klalo be mawɔ ɖeka kpli mi ke ne mieva be yewoadem asi na nye futɔwo, le esime nye asiwo mewɔ vɔ̃ aɖeke o la, ekema mía fofowo ƒe Mawu nakpɔe eye wòadrɔ̃ ʋɔnu mi.”


Eye le nye moya me, megblɔ be, “Amegbetɔwo katã nye aʋatsokalawo.”


Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ megate ɖa le gbɔwò gbeɖe o, tsɔ wo de kɔ eye nàŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi.


Ne mewɔ nane si dze na ku la, nyemele ku vɔ̃m o. Ke ne vodada aɖeke mele ŋunye o la, medze be wò alo ame bubu aɖeke nakɔm ade asi na ame siawo be woawum o. Metsɔ nye nya de asi na Fia Kaisaro ŋutɔ!”


Amedzroawo lɔ̃, eye wodo ŋugbe nɛ be, “Ne màfia mía yomemɔ o la, ekema míakpɔ egbɔ be wò kple wò ƒometɔwo katã mianɔ dedie.


“Ŋusẽtɔ lae nye Yehowa, mawuwo dzi Mawu lae nya nu si ta míetu vɔsamlekpui la, eye míedi be miawo hã mianya! Ne míedze aglã, eye míewɔ nuteƒe na Yehowa o la, ekema migana míanɔ agbe o!


Ke esi wonɔ mɔa dzi yina la, Naomi trɔ eƒe susu, eye wògblɔ na lɔ̃xoyɔvi eveawo be, “Mitrɔ miayi aƒe le mia dzilawo gbɔ. Yehowa nave mia nu abe ale si miewɔ nyui na mia srɔ̃wo kple nye ŋutɔ ene.


Esi Fia Saul wu eƒe nuƒoƒo kple David nu la, Yonatan kpɔ David eye eƒe nu nyo eŋu ale gbegbe be wòlɔ̃e abe eya ŋutɔ nɔvia ene.


Yonatan ka atam na David be yewoanye xɔlɔ̃wo ɖaa elabena elɔ̃e abe eya ŋutɔ ɖokui ene.


Ale Yonatan bla nu kple David ƒe ƒometɔwo eye David ka atam be fiƒode dziŋɔ aɖe nava ye kple yeƒe ƒometɔwo dzi ne yewomewɔ nubabla la dzi o.


Yonatan ɖo eŋu be, “Madzɔ nenema gbeɖe o; le nyateƒe me la, ne wò nyawo ɖe wole eme la, anye ne megblɔe na wò xoxo.”


Ale wo ame evea gabla nu ɖe woƒe xɔlɔ̃wɔwɔ dzi. David nɔ Hores ke Yonatan trɔ yi aƒe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa