Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 20:32 - Agbenya La

32 Yonatan biae be, “Nu kae wòwɔ? Nu ka tae woawui?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Yonatan ɖo ŋu na fofoa Saul gblɔ ne bena: Nukata woaku ɖo, eye nuka wòwɔ?

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 20:32
17 Mawu Ofanana  

Yakob do dɔmedzoe ɖe Laban ŋu, eye wòbiae be, “Nu vɔ̃ ka mewɔ? Vo ka meda si ta nànɔ fu ɖem nam ale?


Mègadze xɔ̃ ŋutsu dɔmedzoetɔ o eye mègade ha kple ame si doa dziku kabakaba o,


Mègado dɔmedzoe kabakaba o, elabena dɔmedzoedodo kabakaba nana ame zua bometsila.


Esiae nye nu vɔ̃ɖi si le nu sia nu si dzɔna le ɣea te la ŋu: nu ɖeka ma koe dzɔna ɖe amewo katã dzi. Gawu la, amewo ƒe dziwo yɔ fũu kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple tsukuku le woƒe dziwo me esime wole agbe eye emegbe la, woyia kukuawo dome.


Ame ƒe dzi nye nu si daa alakpa wu nuwo katã eye womate ŋu ayɔ dɔe o. Ame ka ate ŋu ase egɔme?


Pilato gabia wo be, “Nu vɔ̃ ka wòwɔ?” Ke ameawo gado ɣli sesĩe wu tsã be, “Klãe ɖe ati ŋuti!”


Pilato gabia wo zi etɔ̃lia be, “Nu ka ta wòle be maklãe ɖe ati ŋu ɖo? Vɔ̃ kae wòwɔ? Ɖeko maƒo ame sia, eye maɖe asi le eŋu, elabena nyemekpɔ vɔ̃ aɖeke le eŋu si ana be matso kufia nɛ o.”


“Ɖe míaƒe se la bua fɔ ame aɖe nenye be womedrɔ̃ ʋɔnui, hese eƒe nyawo me gbã oa?”


Saul gblɔ le eɖokui me be, “Matɔ akplɔe, amimii ɖe gli ŋu.” Eda akplɔ lae zi eve ke David ƒo asa nɛ zi eveawo katã.


Le ŋufɔke ƒe ŋdi esi Yonatan nɔ dze ɖom kple fofoa la, ekafu David nɛ eye wòɖe kuku nɛ be wòadzudzɔ ta me vɔ̃ ɖoɖo ɖe eŋu. Yonatan ɖe kuku na fofoa be, “David mewɔ nu vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò kpɔ o; ekpena ɖe ŋuwò ɣe sia ɣi le mɔ sia mɔ si wòate ŋui la dzi.


Ɖe nèŋlɔ ɣeyiɣi si wòtsɔ eƒe agbe ke, hewu Goliat kple ale si Yehowa to nu sia me he dziɖuɖu gã aɖe vɛ na Israel la bea? Èkpɔ dzidzɔ le nyadzɔdzɔ sia ŋu ɣe ma ɣi me, nu ka ta nàwui azɔ le esime mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o? Naneke meli si ta nàwui ɖo o.”


Azɔ la, David si tso Nayɔt le Rama eye wòyi Yonatan gbɔ hebiae be, “Nu ka mewɔ? Agɔ ka medze? Nu ka ta fofowò ɖo ta me kplikpaa nenema be yeawum ɖo?”


Ke ne egblɔ be, ‘Enyo’ la, ekema wò dɔla le dedie. Gake ne dzi kui la, ekema nyae nyuie be eɖo vɔ̃ ɖe ŋutinye.


Ahimelek ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ, ɖe ame ɖeka aɖe le wò subɔlawo katã dome si nye nuteƒewɔla na wò abe wò toyɔvi, David enea? Eyae nye ŋuwòmewo ƒe amegã eye wòganye wò aƒemetɔ si amewo buna la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa