Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 20:30 - Agbenya La

30 Saul do dɔmedzoe ŋutɔ, eblu ɖe Yonatan hegblɔ be, “Wò, nyɔnu ɖigbɔ, dzeaglã ƒe vi! Ɖe nèbu be nyemenya be yedi be Yese vi ma naɖu fia ɖe nye teƒe eye nàdo ŋukpe wò ŋutɔ kple dawò siaa oa?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Tete Saul do dɔmedzoe ɖe Yonatan ŋu, eye wògblɔ nɛ bena: Wò nyɔnu tsigbe ƒe vi! Menyae be, ètia Isai vi la, be natsɔ ado ŋukpe ɖokuiwò kple dawo ƒe ama.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 20:30
14 Mawu Ofanana  

Tosesẽ wua bometsila eye ŋubiã wua numanyala.


Sidzedze gã aɖe sua ŋutsu dzigbɔɖitɔ si, ke ŋutsu si doa dziku kabakaba la, ɖea eƒe bometsitsi fiana.


Nunyalawo ƒe aɖe ɖea gɔmesese fiana, gake bometsinyawo dona tso bometsila nu glẽglẽglẽ.


Fia ƒe dziku le abe dzata ƒe gbetete ene, ke eƒe amenuveve le abe zãmu le gbedzi ene.


Ame si dzi kuna helĩhelĩ la, axe eŋutife; ne èɖee le eme la, agawɔe ake.


Ŋutsu dadala, ɖokuiŋudzela, si wɔa nu tovo kple dada la, eyae woyɔna be, “Fewuɖula.”


Ame si meɖua eɖokui dzi o la le abe du si ŋu wogbã gli le la ene.


Kpe nye nu kpekpe eye ke nye agba kpekpe gake bometsila ƒe dzikudoname kpena wu wo ame evea.


Ke nye la, mele egblɔm na mi be, ame si ado dɔmedzoe ɖe nɔvia ŋu la, woakplɔe ayi ʋɔnui. Nenema ke ame si agblɔ na nɔvia be, ‘Mènyo na naneke o’ la, woahee va Sanhedrin la ƒe ŋkume. Ke ne ame aɖe agblɔ be, ‘Èdzɔ lã!’ la, ayi dzomavɔʋe la me.


Miɖe asi le dɔmedzoedodo helĩhelĩ, dziku, dzrewɔwɔ, ameŋugbegblẽ, fuléle kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu.


Mi fofowo la, migado dɔmedzoe na mia viwo o, ke boŋ mihe wo, eye miafia nu wo le Aƒetɔ la me.


Egblɔ be, ‘Na mayi elabena míaƒe ƒometɔwo le vɔ sa ge egbea le dua me eye nɔvinyeŋutsu aɖe ɖo du ɖem. Ne edze ŋuwò la, ekema ɖe mɔ nam mayi aɖakpɔ nɔvinyewo.’ Esia tae meva fia ƒe kplɔ̃ ŋu o.”


Ŋkeke ale si ɖekakpui ma le agbe la, màɖu fia gbeɖegbeɖe o. Yi, nàkplɔe vɛ ale be mate ŋu awui!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa