Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 20:1 - Agbenya La

1 Azɔ la, David si tso Nayɔt le Rama eye wòyi Yonatan gbɔ hebiae be, “Nu ka mewɔ? Agɔ ka medze? Nu ka ta fofowò ɖo ta me kplikpaa nenema be yeawum ɖo?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Dawid si tso Nayot le Rama heva ƒo nu kple Yonatan gblɔ bena: Nuka mewo, vo ka meda, eye nuvɔ̃ ka mewo ɖe fofowò ŋu, hafi wòle nye ku dim?

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 20:1
19 Mawu Ofanana  

Amedzrowo tso ɖe ŋunye, ŋutasẽlawo ti nye agbe yome, ame siwo mebua Mawu ɖe naneke me o. Sela


Ke míawo hã, adegbe si míaƒe dzitsinya nana míeƒona lae nye be míeléa mía ɖokuiwo nyuie le xexe sia me, eye le mia dome hã la, míewɔ mía ɖokuiwo dzadzɛe, eye míetoa nyateƒe le nu sia nu me. Ke menye míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ mee míewɔ esiawo le o, ke boŋ wo katã tso Mawu ƒe amenuveve me.


Ne ele alea la, ekema Aƒetɔ la nya ale si wòaɖe mawuvɔ̃lawo tso dodokpɔwo me, eye wònya ale si wòalé mawumavɔ̃lawoe, anɔ to hem na wo va se ɖe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la dzi.


Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne míaƒe dziwo mebu fɔ mí o la, dzideƒo le mía si le Mawu ŋkume,


Fifia, esi metsi tsitre ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina la ƒe ŋkume la, medi be mabia mi be ame ka ƒe nyitsu alo tedzi mefi kpɔ? Meba ame aɖe kpɔa? Mexɔ zãnu le ame aɖe si kpɔa? Mete ame aɖe ɖe anyi kpɔa? Migblɔe nam eye maɖo nu si mexɔ alo nu vɔ̃ si mewɔ la teƒe.”


Azɔ la, Saul gblɔ na eŋumewo kple via Yonatan be woato mɔ aɖe nu awu David. Ke le lɔlɔ̃ deto si nɔ Yonatan kple David dome ta la,


Ale David si yi Rama ɖakpɔ Samuel eye wògblɔ nu siwo katã Saul wɔ ɖe eŋu la nɛ eye Samuel kplɔ David yi Nayɔt.


Yonatan ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, mèle kuku ge o. Kpɔ ɖa, fofonye mewɔa naneke, sue alo gã ne megblɔe nam o. Nu ka ŋutie wòaɣla nu sia ya ɖem? Mele ame o!”


Yonatan biae be, “Nu kae wòwɔ? Nu ka tae woawui?”


Kpɔe ɖa, fofonye, kpɔ wò awu ʋlaya ƒe kakɛ si le nye asi me la ɖa! Melã wò awu ʋlaya to gake nyemewu wò o. Azɔ se egɔme eye nànyae be nu tovo wɔwɔ alo aglãdzedze ƒe fɔɖiɖi mele dzinye o. Nyemedze agɔ le dziwò o, ke wò ya èti yonyeme kutɔkutɔe be yeaɖe nye agbe ɖa.


“Yehowa nedrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome eye Yehowa neɖo vɔ̃ siwo katã nèwɔ ɖe ŋunye la teƒe na wò. Ke nye ya nye asi maka ŋutiwò o.


Egblɔ na David be, “Ènye ame dzɔdzɔe wum. Èwɔ nyui nam le esime nye ya mewɔ vɔ̃ ɖe ŋutiwò.


David do ɣli na Saul be, “Nu ka ta nèle to ɖom ame siwo le gbɔgblɔm na wò be, David ɖoe kplikpaa be yeawɔ nuvevi wò?


Eye wòyi edzi be, “Nu ka ta nye aƒetɔ le eƒe subɔla yome tim? Nu ka mewɔ eye nu ka tututue nye nu vɔ̃ si mewɔ?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa