Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 2:6 - Agbenya La

6 “Yehowa wua ame gagbɔa agbe ame; enana woyia yɔ me eye wògafɔa ame tso yɔ me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Yehowa wua ame, eye eya ke gbɔa agbe ame, edea ame tsiẽ, eye wògahea ame ɖoa goe.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 2:6
20 Mawu Ofanana  

Yehowa se Eliya ƒe gbedodoɖa, ale ɖevi la ƒe gbɔgbɔ gbugbɔ va eme eye wòtsi agbe.


Esi Israel fia xlẽ agbalẽa me nyawo vɔ teti ko la, edze eƒe awuwo eye wògblɔ be, “Mawue menyea? Ɖe mate ŋu awu ame agagbɔ agbeea? Nu ka ŋuti ame sia dɔ ame aɖe ɖe gbɔnye be mada gbe le eƒe anyidɔ ŋu? Mikpɔ ale si wòle agbagba dzem be yeagawɔ dzre kplim la ɖa!”


Elabena edea abi ame ŋu eye wògablanɛ, ewɔa nuvevi ame gake eƒe asi yɔa dɔ.


Ku ƒe kawo blam, eye tsiẽƒe ƒe vevesese va dzinye. Hiã tum, eye nuxaxa va dzinye.


Midzi ha na Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.


Míaƒe Mawu nye Mawu si xɔna na ame; ɖeɖe tso ku me vana to Aƒetɔ Yehowa ko dzi.


Togbɔ be èna mekpɔ xaxa geɖe kple vevesese hã la, àgaɖo nye agbe te, eye àva kplɔm ado goe tso anyigba ƒe tume ke.


Amewuɣi li, eye gbedaɣi li. Nugblẽɣi li, eye nudzraɖoɣi li.


Ke ame siwo ku le mewò la anɔ agbe; woƒe ŋutilãwo atsi tsitre. Mi ame siwo mlɔ ke me, minyɔ, eye miado dzidzɔɣli. Miaƒe ahũ le abe esi dzana le ŋdi la ene. Anyigba aɖe eƒe ame siwo ku la ɖe go.


Eya ta gblɔ nya ɖi, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: O, nye amewo, mele miaƒe yɔdowo ʋu ge, eye maɖe mi tso wo me: magbugbɔ mi ava Israelnyigba dzi.


Ebiam be, “Ame vi, ƒu siawo ate ŋu anɔ agbea?” Megblɔ be, “O! Aƒetɔ Yehowa, wò ɖeka koe nya.”


elabena abe ale si Yona nɔ tɔmelã gã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ ene la, nenema ke nye Amegbetɔ Vi la hã manɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃.


Yesu gblɔ nɛ be, “Nyee nye Tsitretsitsi la kple Agbe la. Ame si xɔa dzinye sena la, togbɔ be aku hã la, aganɔ agbe;


Miekpɔ be nye koe nye Mawu oa? Mewua ame, eye menaa agbe ame. Medea abi ame ŋu, eye mewua abi. Ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre Ɖe nu si mewɔ la ŋu o.


Nyee nye Ame si le agbe; meku kpɔ, gake kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Eye ku kple tsiẽƒe ƒe safuiwo le asinye.


Ke David ka atam hegblɔ be, “Fofowò nyae nyuie be nye nu doa dzidzɔ na wò eye wògblɔ na eɖokui be, ‘Mele be Yonatan nanya esia o. Ne menye nenema o la, ava xa nu.’ Meta Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ ƒe agbe be afɔɖeɖe ɖeka koe le nye kple ku dome.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa