Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 2:4 - Agbenya La

4 “Woŋe ŋusẽtɔwo ƒe aŋutrɔwo ke ame beliwo la, etsɔ ŋusẽ bla ali dzi na wo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Kalẽtɔwo ƒe dati ŋe kliklikli eye ame benɔwo tsɔ ŋusẽ bia ali dzi;

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 2:4
16 Mawu Ofanana  

Wòe na ŋusẽm hena aʋa la wɔwɔ, Èna mebɔbɔ ame siwo katã tso ɖe ŋunye la ɖe anyi.


Gake woƒe yiwo aŋɔ woawo ŋutɔ ƒe dziwo, eye woƒe datiwo aŋe.


elabena woaŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋusẽ, ke Yehowa alé ame dzɔdzɔewo ɖe te.


“Ɖe dzi ɖi, eye nànya be nyee nye Mawu. Woadom ɖe dzi le dukɔwo dome, eye woadom ɖe dzi le anyigba dzi.”


Ena aʋawɔwɔ nu tso va se ɖe keke anyigba ƒe mlɔenu ke; eŋe da, eye wòfli akplɔ, hetɔ dzo akpoxɔnuwo.


Afi ma wòŋe aŋutrɔ bibiwo, akpoxɔnuwo kple yiwo le, nu siwo nye aʋawɔnuwo. Sela


Naneke masusɔ o, ke boŋ gamemewo kple ame siwo tsi aʋa ko, ke to esiawo katã megbe hã la, Yehowa ƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.


Ena ŋusẽ ame siwo ŋu ɖeɖi te, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo gbɔdzɔ.


Kura gɔ̃ hã, ne miaɖu Babiloniatɔ siwo ho aʋa ɖe mia ŋu la ƒe aʋakɔwo katã dzi eye abixɔlawo koe asusɔ ɖe woƒe asaɖa me hã la, woado ava xɔ du sia atɔ dzoe.”


Nugblẽla aɖe ava ƒo ɖe Babilonia dzi eye wòalé eƒe kalẽtɔwo, ahaŋe woƒe dawo elabena Mawu, nuteƒeɖolae nye Yehowa, aɖo eteƒe na wo wòade pɛpɛpɛ.


Ke ɣe sia ɣi la, Aƒetɔ la gblɔna nam be, “Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò, elabena meɖea nye ŋusẽ fiana to ame siwo gbɔdzɔ le ŋutilã me la dzi.” Eya ta enye dzidzɔ nam be maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, ale be Kristo ƒe ŋusẽ blibo la katã nadze le menye.


Minɔ te sesĩe, mitsɔ nyateƒe la bla ali dzi, eye miatsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtablanu la atsyɔ akɔta,


Mate ŋu awɔ nu sia nu to eya, ame si doa ŋusẽm la me.


Ɖe wògahiã be mayi edzia? Ɣeyiɣi mele asinye be maƒo nu le Gideon, Barak, Samson, Yefta, David, Samuel kple Nyagblɔɖila bubuwo ŋuti o,


tsi dzo ƒe aɖewo nu, eye wosi le yi nu, ame siwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ trɔ zu ŋusẽ, wozu kalẽtɔwo le aʋa me, eye woɖu dzronyigbadziʋakɔwo dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa