Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 2:33 - Agbenya La

33 Mia dometɔ ɖe sia ɖe si nyemeɖe ɖa le nye vɔsamlekpui ŋgɔ o la atsi agbe, gake woana aɖatsi natsyɔ wò ŋkuwo dzi eye woahe dzigbagbã vɛ na wò. Ale wò dzidzimeviwo katã aku le woƒe ɖekakpui dzodzoe me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Gake wò ƒometɔ ɖeka ko nyematsrɔ̃ ɖa le nye vɔsamlekpui la gbɔ o, ne mana eƒe ŋkuwo nalé ayi, eye agbe nanye hiã nɛ; ke aƒewòmeviwo aku le ɖekakpui dzodzo me.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 2:33
9 Mawu Ofanana  

Etsɔ nyitsuwo, nyivi damiwo kple alẽwo sa vɔe le eƒe fiaɖogbe eye wòkpe fia la ƒe viŋutsuwo katã, nunɔla Abiata kple Aʋafia Yoab, ke mekpe Solomo, wò dɔla, ya o.


Adoniya he Aʋafia Yoab kple nunɔla Abiata ɖe eƒe akpa dzi eye wodo ŋugbe nɛ be, yewoakpe ɖe eŋu wòazu fia.


ekema nu si mawɔ mie nye: mado ŋɔdzi na mi kple asrã sesẽtɔ. Dɔléle aɖe fu na miaƒe ŋkuwo, eye gbɔdzɔgbɔdzɔ age ɖe miaƒe agbenɔnɔ me. Dzodzroe miaƒã miaƒe nukuwo, elabena miaƒe futɔwoe aɖu wo.


eye àkpɔ xaxa le nye nɔƒe la me. Togbɔ be woawɔ nyui na Israel hã la, ke wò ƒome me ya la, amegãɖeɖi manɔ anyi akpɔ gbeɖe o.


“ ‘Azɔ nu si ava dzɔ ɖe viwò ŋutsu eveawo, siwo nye Hofni kple Finehas dzi anye dzesi na wò; wo ame evea katã woaku le ŋkeke ɖeka dzi.


Fia la ɖe gbe na Doeg be, “Wò ŋutɔ wu wo!” Ale Doeg, Edomtɔ la wu nunɔla blaenyi-vɔ-atɔ̃wo le esime wonɔ nunɔlawo ƒe awu me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa