Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 2:27 - Agbenya La

27 Gbe ɖeka la, Mawu ƒe ame aɖe va Eli gbɔ eye wògblɔ nya siawo, siwo tso Yehowa gbɔ la nɛ. “Ɖe nyemeɖe nye ŋusẽ fia esi Israelviwo nye kluviwo le Egiptenyigba dzi oa?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye Mawu ƒe amea ɖe va Eli gbɔ gblɔ nɛ bena: Yehowa ƒe gbe enye si: Meɖe ɖokuinye fia fofowò ƒe aƒe, le esime wonye kluviwo le Farao ƒe me le Egipte.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 2:27
14 Mawu Ofanana  

Le Yehowa ƒe nya nu la, Mawu ƒe ame aɖe tso Yuda va Betel esi Yeroboam nɔ tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ be yeado dzudzɔ ʋeʋĩ.


Ale Solomo nya Abiata be magawɔ dɔ abe Yehowa ƒe nunɔla ene o. Ale wona Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖi ɖe Eli kple eƒe dzidzimeviwo ŋu le Silo la va eme.


Yehowa gblɔ na Mose kple Aron le Egipte be,


Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Esiawoe nye se siwo le Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu ŋuti. “Amedzro aɖeke maɖu alẽvi la ƒe lã o,


Azɔ la, Yehowa gblɔ na Aron be, “Yi gbedzi ne nàkpe Mose.” Ale Aron zɔ mɔ yi Mawu ƒe to, Horeb gbɔ ɖado go Mose le afi ma, eye wògbugbɔ nu nɛ.


Esiawoe nye nya siwo Mose, Mawu ƒe ame la tsɔ yra Israelviwo hafi ku:


Ke wò, Mawu ƒe ame, si le nu siawo katã nu, eye nàti dzɔdzɔenyenye, mawuvɔvɔ̃, xɔse, lɔlɔ̃, tenɔnɔ kple bɔbɔenyenye yome.


Elabena nyagblɔɖi ƒe dzɔtsoƒe metso amegbetɔ ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ ame xɔa gbe tso Mawu gbɔ abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ene.


Tete nyɔnu la yi srɔ̃a gbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Mawu ƒe ame aɖe va gbɔnye, edzi ŋɔ ŋutɔ eye wòdze abe Mawudɔla ene. Nyemebia afi si wòtso lae o, eye meyɔ eƒe ŋkɔ hã nam o.


edɔ Nyagblɔɖila aɖe ɖa, ame si gblɔ be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye si, ‘Mekplɔ mi do goe tso Egipte le kluvinyenyenyigba dzi.


Mawɔ nu dziŋɔ siwo katã ŋu meƒo nu tsoe na Eli.


Wotsa le afi sia afi le Efraim ƒe tonyigba la dzi kple Salisa nyigba kple Salim nuto me kple Benyamin ƒe anyigba blibo la dzi gake womete ŋu kpɔ wo o.


Ke subɔla la gblɔ nɛ be, “Meɖo ŋku nane dzi! Nyagblɔɖila aɖe le du sia me, ame sia ame bunɛ eye woxɔa edzi sena elabena nya sia nya si wògblɔna la vaa eme. Na míayi aɖadii, ɖewohĩ afia afi si tedziawo le la mí.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa