Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 2:22 - Agbenya La

22 Eli zu amegãɖeɖi aɖe azɔ gake enya nu siwo katã viawo nɔa wɔwɔm ɖe Israel blibo la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, enya be ye viŋutsuwo nɔ ahasi wɔm kple ɖetugbi siwo wɔa subɔsubɔdɔwo le Agbadɔ la me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke Eli ku amegã ɖeɖi, eye wose nusiwo katã viawo nɔa wɔwɔm ɖe Israel blibo la ŋu kple alesi wonɔa nyɔnu, siwo le dɔ wɔm le Mawu ƒe agbadɔ nu la gbɔ dɔmee.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 2:22
10 Mawu Ofanana  

Esi wònɔ afi ma la, Ruben dɔ kple fofoa ƒe kosi, Bilha, eye ame aɖe fi tofi na Israel. Yakob ƒe viŋutsu wuieveawo ƒe ŋkɔwoe nye:


Esiae nye Yakob ƒe dzidzimeviwo ŋutinya. Fifia Yakob ƒe vi Yosef xɔ ƒe wuiadre. Eya kple fofoviawo, ame siwo nye fofoa srɔ̃wo Bilha kple Zilpa ƒe viwo ƒe dɔe nye be woakpɔ wo fofo ƒe lãwo dzi. Yosef gblɔa nu madzemadze siwo nɔviawo wɔna la na wo fofo.


Etsɔ akɔblihuhɔ̃e wɔ tsileze la kple eƒe zɔ. Nyɔnu siwo subɔna le agbadɔ la nu lae na ahuhɔ̃eawo wotsɔ wɔ woe.


Eƒe nunɔlawo wɔa nu tovo ɖe nye se la ŋu, eye wodoa gu nye nu kɔkɔewo; womedea vovototo nye nu kɔkɔewo kple nu gbɔlowo dome o; wofiana be, vovototo aɖeke mele nu siwo dza kple nu siwo medza o la dome o. Woŋea aɖaba ƒua nye Dzudzɔgbe la ƒe ɖoɖowo dzi, ale wogblẽa kɔ ɖo nam le wo dome.


Egblɔ na viawo be, “Nu ka ta miele nu vɔ̃ɖi sia wɔm? Ame sia ame le nu ƒom le miaƒe agbe vlo nɔnɔ ŋu nam.


Metsɔ tohehe do ŋgɔ na Eli kple eƒe ƒome blibo la elabena viawo le busunuwo wɔm ɖe Mawu ŋu eye Eli megbe na wo o.


Esi Samuel tsi la, eɖo via ŋutsuwo ʋɔnudrɔ̃lawoe na Israel


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa