Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 2:20 - Agbenya La

20 Eli yraa Elkana kple srɔ̃a Hana gblɔna be, “Yehowa nana nyɔnu sia nadzi viwo na wò ne woaxɔ ɖe esi wòdo gbe ɖa bia gagbugbɔ tsɔ na Yehowa la teƒe.” Ale wodzona yina ɖe wo de.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Emegbe Eli yra Elkana kple srɔ̃a gblɔ bena: Yehowa ana nyɔnu sia nadzi vu na wò natsɔ ɖo amesi nèbia Yehowa la teƒe! Eye wogbugbɔ yi wo nɔƒe.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 2:20
9 Mawu Ofanana  

eye wòyra Abram gblɔ be, “Mawu Dziƒoʋĩtɔ, dziƒo kple anyigba wɔla nayra Abram,


Yehowae bla mi kple mia srɔ̃wo ɖekae, le Mawu ƒe nunya ƒe ɖoɖo nu, esi mieɖe mia nɔewo la, mi ame eve la miezu ŋutilã ɖeka le eƒe ŋkume eye nu ka wòdi tso mia si be miawɔ? Mawu di vi ɖotowo tso miaƒe srɔ̃ɖeɖe la me eya ta milé be na mia ɖokui, miaɖu miaƒe fieŋufieŋuwo dzi! Miku ɖe miaƒe ɖekakpuimesrɔ̃ siwo mieɖe la ŋu eye miato nyateƒe na wo.


Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Maria be, “Woɖo ɖevi sia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple dodoɖedzi le Israel, eye abe dzesi si ŋu woagblɔ nya ɖo ene,


Yehowa naɖo nyui si nèwɔ la teƒe na wò. Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si gbɔ nèva le sitsoƒe dim le la naɖo eteƒe na wò.”


Ale ame siwo katã nɔ agboa nu la gblɔ be, “Míenye ɖasefowo. Yehowa nana be nyɔnu sia, ame si gbɔna wò aƒe me fifia la nazu abe Rahel kple Lea, ame siwo tu Israel ƒe aƒe la katã la ene. Wò alɔ nade dzi le Efrata, eye nàxɔ ŋkɔ le Betlehem.


eye wòɖe adzɔgbe na Yehowa be, “O Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, ne àkpɔ wò dɔla ƒe nublanuitɔnyenye dzi ɖa, aɖo ŋku dzinye eye màŋlɔ wò dɔla be o, ke boŋ nànae viŋutsu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me eye talũhɛ maka eƒe ta ŋu o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa