Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 2:14 - Agbenya La

14 Dɔla la tsɔa gaflo la ƒona ɖe gaze, kutu, agba alo nuɖaze si me wole lã la ɖam le la me eye nu sia nu si ke gaflo la tɔ la etsɔnɛ doa goe na nunɔla. Aleae wowɔna le Silo ɖe Israelvi ɖe sia ɖe si vaa afi ma la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 eye wòtɔ lãwo le gaze alo ze, kutu alo agba me, eye nunɔla la tsɔa nusianu, si gaflo la he ɖi goe la, na eɖokui. Alea wowɔna ɖe Israel blibo, si va Silo la ŋu.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 2:14
9 Mawu Ofanana  

Wonye avu siwo ɖua nutsu; nu meɖia ƒo na wo o. Wonye alẽkplɔla siwo mesea nugɔme o. Wo katã wolé woƒe mɔ tsɔ, ɖe sia ɖe le eya ŋutɔ ƒe viɖe dim.


elabena metia lã la ƒe akɔ kple ata be woanye Israelviwo ƒe nunana na Aron. Ele be woatsɔ vɔsalãwo ƒe akpa siawo ana Aron kple via ŋutsuwo ɣe sia ɣi.”


Mieɖu nye amewo katã ƒe lã, vuvu ayi le wo ŋuti, gbã ƒu ɖe lãme na wo eye miefli wo abe ale si woflia adelã dea zee ene.”


“O, nunɔla ɖeka pɛ hã mele mia dome si atu gbedoxɔ ƒe ʋɔtruwo, ale be miadzudzɔ vɔsanu madzemadze siawo tsɔtsɔ va vɔsamlekpui la dzi oa?” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe, “eye miaƒe nu mele ŋunye nyom kura o, eye miaƒe nunana aɖeke hã medze ŋunye o.


loo alo dea bubu nunɔlawo ƒe dɔdeasiwo na dukɔ la ŋu o. Ne ame aɖe va sa vɔ la, nunɔla la ƒe dɔla la vana léa gaflo nuetɔ̃ ɖe asi esime vɔsalã la le dzo dzi.


Gawu la, hafi woatɔ dzo lãmia la nunɔla la ƒe dɔla vana gblɔna na ame si le vɔ la sam la be, “Tsɔ lã la ƒe ɖe na nunɔlaa be wòame elabena maxɔ lã ɖaɖa le asiwò o negbe mumua ko.”


Ekema nu ka ta miele ŋu klẽm ale ɖe vɔsanu bubu siwo ameawo tsɔna vanɛ nam la ŋu? Nu ka ta nède bubu viwòwo ŋu wu ŋunye? Nu nyui siwo Israel, nye amewo tsɔna vanɛ la na be wò kple woawo siaa mieda ami!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa