Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 19:7 - Agbenya La

7 Yonatan yɔ David emegbe eye wòka nya si dzɔ la ta nɛ. Ekplɔ David yi Saul gbɔ eye wo dome ganɔ abe tsã ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Tete Yonatan yɔ Dawid hegblɔ nyawo katã nɛ, eye Yonatan kplɔ Dawid vɛ na Saul wònɔ egbɔ abe tsã ene.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 19:7
10 Mawu Ofanana  

Yakob de dzesii be Laban megakɔa ŋkume ɖe ye o.


Tsã esi Saul nye fia gɔ̃ hã la, wòe nye ame si kplɔ Israel le eƒe aʋawɔwɔ katã me eye Yehowa, wò Mawu, gblɔ na wò be, ‘Wòe akplɔ nye dukɔ, Israel eye wòe ava nye woƒe fia.’ ”


Ke Mose ɖe kuku na Yehowa be, “O, nye Aƒetɔ, nyemeƒoa nu nyuie o. Nyemeƒo nu nyuie kpɔ o; nyemenye nuƒola nyui aɖeke fifia hã o, togbɔ be èƒo nu nam gɔ̃ hã, elabena nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋu tututu o.”


Wodzra afi si woatɔ dzo Tofet le la da ɖi xoxo. Wodzrae ɖo ɖi na fia la hã. Wowɔ eƒe dzoʋe la wògoglo hekeke. Dzo kple nake bɔ ɖe eme. Yehowa ƒe Gbɔgbɔ si le sisim abe aŋɔtɔʋu ene lae atɔ dzoe.


Tso esi Saul kpɔ David ko la, David ƒe nu nyo eŋu, elɔ̃e eye wòna wòzu eƒe adekplɔvi.


Esi ŋu ke la, gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Mawu gbɔ ɖe fu na Saul eye wòde asi nuwɔwɔ me abe tsukunɔ ene. David faa akɔ nɛ to kasaŋkuƒoƒo nɛ me, abe ale si wòwɔna ne gbɔgbɔ vɔ̃ la mena eƒe mo dze anyi o la ene. Ke, le ɣeyiɣi sia me la, Saul lé akplɔ ɖe asi.


Ale Saul megaɖe mɔ be David nado ɖe yeƒe ŋkume o. Eɖiɖii, meganye aʋafia o, ke boŋ etsɔe ɖo asrafo akpe ɖeka nu. Ke nuwɔna sia boŋ gana amewo gakpɔa ŋudzedze le David ŋu wu.


Saul na David tsi egbɔ tso gbe ma gbe eye megana wòtrɔ yi aƒe me o.


Mlɔeba la, Saul lɔ̃ ɖe Yonatan ƒe nya siawo dzi eye wòka atam be, “Zi ale si Yehowa li la, nyemawu David o.”


Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, aʋa gadzɔ ɖe Israelviwo kple Filistitɔwo dome. David nɔ eƒe aʋakɔ la nu, wowu Filistitɔ geɖewo eye aʋakɔ blibo la si le wo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa