Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 19:4 - Agbenya La

4 Le ŋufɔke ƒe ŋdi esi Yonatan nɔ dze ɖom kple fofoa la, ekafu David nɛ eye wòɖe kuku nɛ be wòadzudzɔ ta me vɔ̃ ɖoɖo ɖe eŋu. Yonatan ɖe kuku na fofoa be, “David mewɔ nu vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò kpɔ o; ekpena ɖe ŋuwò ɣe sia ɣi le mɔ sia mɔ si wòate ŋui la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye Yonatan ƒo nu nyuie le Dawid ŋu na fofoa Saul gblɔ nɛ bena: Fia megada vo ɖe eƒe dɔla Dawid ŋu o, elabena meda ƒu ɖe ŋuwò o, ke boŋ nusiwo wòwɔ la, wò nyui ko wonye.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 19:4
15 Mawu Ofanana  

Ruben gblɔ be, “Nyemegblɔe na mi be migawɔe oa? Miegbe toɖoɖom. Azɔ la, míele kuku ge, elabena míewui.”


“Ame sia ame si akɔ ame ƒe ʋu ɖi la, ame akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi, elabena Mawu ƒe nɔnɔme me Mawu wɔe ɖo.


“Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ eye wobia tso esi be wòava aka atam le wò vɔsamlekpui sia ŋgɔ be yemewɔ nu vɔ̃ la o la,


Wotsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe nam, eye wogble nye luʋɔ ɖe nuxaxa me.


Nyemeda vo aɖeke o, evɔ wole klalo be woadze dzinye. Tso, nàxɔ nam; kpɔ xaxa si me mele la ɖa!


Ne ŋutsu tsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe la, vɔ̃ madzo ɖa le eƒe aƒe me kpɔ gbeɖe o.


Ɖe woatsɔ vɔ̃ aɖo nyui teƒea? Ke woɖe ʋe ɖi nam. Ɖo ŋku edzi be metsi tsitre ɖe ŋkuwòme ɖe kuku ɖe wo ta be nàtsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo ne màgatrɔ wò dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi o.


Enye nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe Kristo ŋu be wò nuwɔna naɖe dzi le ƒo na ame bubu be wòawɔ nu si tsi tsitre ɖe eƒe dzitsinya ŋu.


Ame si ke léa fu nɔvia la nye amewula, eye ele nyanya me na mi be agbe mavɔ meli na amewula aɖeke o.


Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe nɔvia amegbetɔ ŋu la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnui. Ke ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu la, ame kae aɖe kuku ɖe enu?” Togbɔ be wo fofo gbe nya na wo alea hã la, womeɖo toe o elabena Yehowa ɖo be yeawu wo.


Yonatan biae be, “Nu kae wòwɔ? Nu ka tae woawui?”


Ahimelek ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ, ɖe ame ɖeka aɖe le wò subɔlawo katã dome si nye nuteƒewɔla na wò abe wò toyɔvi, David enea? Eyae nye ŋuwòmewo ƒe amegã eye wòganye wò aƒemetɔ si amewo buna la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa