eɖo asrafowo ɖa be woalée vɛ. Ke esi woɖo afi ma eye wokpɔ Samuel kple nyagblɔɖila bubuwo nɔ nya gblɔm ɖi la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ va wo dzi eye woawo hã de asi nyagbɔgblɔɖi me.
Azɔ la, Ziftɔwo yi Saul gbɔ le Gibea eye wozɔ David ŋu nɛ, gblɔ nɛ be, “Míenya afi si wòbe ɖo; ele Hores ƒe agadowo me le Hakila to la dzi, le gbegbe la ƒe dzieheliƒo dzi.