Megadze sii hã be nu si dɔa amewo ɖa be woaku kutri awɔ dɔ hena dzidzedzekpɔkpɔ la tso ŋubiabiã ɖe amehavi ŋu gbɔ. Ke esia hã nye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko.
Esi ŋu ke la, gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Mawu gbɔ ɖe fu na Saul eye wòde asi nuwɔwɔ me abe tsukunɔ ene. David faa akɔ nɛ to kasaŋkuƒoƒo nɛ me, abe ale si wòwɔna ne gbɔgbɔ vɔ̃ la mena eƒe mo dze anyi o la ene. Ke, le ɣeyiɣi sia me la, Saul lé akplɔ ɖe asi.
Saul do dɔmedzoe vevie elabena hagbe la mevivi enu o. Egblɔ le eɖokui me be, “Wotsɔ akpe ewowo na David, ke nye ya akpewo koe wotsɔ nam. Nu kae gasusɔ nɛ wòaxɔ wu fiaɖuƒe la?”