Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 18:8 - Agbenya La

8 Saul do dɔmedzoe vevie elabena hagbe la mevivi enu o. Egblɔ le eɖokui me be, “Wotsɔ akpe ewowo na David, ke nye ya akpewo koe wotsɔ nam. Nu kae gasusɔ nɛ wòaxɔ wu fiaɖuƒe la?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Tete dzi ku Saul ŋutɔ, eye nya la medze eŋu o, eye wògblɔ bena: Wotsɔ akpe nane na Dawid, ke nye la wotsɔ akpe nam; fiaɖuƒe la koe kpɔtɔ ne!

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 18:8
16 Mawu Ofanana  

Nɔviawo ʋã ŋui ɖe edzi wu, gake fofoa ya de ŋugble le nya la ŋuti.


Nɔviawo gblɔ nɛ fewuɖutɔe be, “Ekema ɖe nèdi be yeazu fia ɖe mía dzia?” Ale wogalé fui ɖe edzi wu le eƒe drɔ̃e la kple eƒe nyawo ta.


Fia Solomo ɖo ŋu na dadaa be, “Nu ka ta nèle Abisag, Sunami nyɔnu la biam na Adoniya ɖo? Bia fiaɖuƒe la hã na eya kple nunɔla Abiata kple Aʋafia Yoab si nye Zeruya ƒe vi la elabna fonyee.”


Esi Haman kpɔ be Mordekai mele klalo be yeade ta agu na ye alo ade bubu ye ŋu o la, dzi kui vevie ŋutɔ.


Dzre sɔŋ ko dada hena vɛ, ke nunya tsoa aƒe ɖe ame siwo sea aɖaŋu la gbɔ.


Dziku la ŋutasẽlae eye dɔmedzoe la agbodzelae, ke ame ka ate ŋu anɔ te ɖe ŋuʋaʋã nu?


Megadze sii hã be nu si dɔa amewo ɖa be woaku kutri awɔ dɔ hena dzidzedzekpɔkpɔ la tso ŋubiabiã ɖe amehavi ŋu gbɔ. Ke esia hã nye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko.


Ameawo de asi liʋĩliʋĩlilĩ me le woƒe fukpekpewo katã ta. Yehowa see, eye wòdo dɔmedzoe ɖe wo ŋu le woƒe liʋĩliʋĩlilĩ ta. Ale Yehowa ƒe dzo de asi ame siwo le asaɖa la ƒe mlɔenu la tsɔtsrɔ̃ me.


Balaam ʋu eme na mawudɔla la be, “Mewɔ nu vɔ̃. Nyemenya be ènɔ afi ma o. Ne mèdi be magayi nye mɔzɔzɔ la dzi o la, matrɔ ayi aƒe.”


Alo ɖe miesusu be dzodzroe mawunya gblɔ be gbɔgbɔ si wòde mía me la ʋãa ŋu veviea?


Ke azɔ la, wò fiaɖuƒe mali ke o. Yehowa di ame si eƒe dzi di la na eɖokui eye wòɖoe eƒe dukɔ la ƒe kplɔlae elabena mèlé Yehowa ƒe sedede me ɖe asi o.”


Samuel gblɔ na Saul be, “Èkpɔea? Yehowa vuvu Israel fiaɖuƒe la le asiwò me egbe eye wòtsɔe na hawòvi aɖe si ɖɔ ʋu wu wò.


Ale Samuel tsɔ lãdzo si me ami la le, hesi ami nɛ le nɔviawo ŋkume eye tso gbe ma gbe dzi la Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dze David dzi kple ŋusẽ. Ale Samuel gbugbɔ yi Rama.


Tso gbe ma gbe dzi la, Saul de asi David kpɔkpɔ me kple ŋuʋaʋã ƒe ŋku.


Azɔ la, Saul gblɔ na eŋumewo kple via Yonatan be woato mɔ aɖe nu awu David. Ke le lɔlɔ̃ deto si nɔ Yonatan kple David dome ta la,


Ŋkeke ale si ɖekakpui ma le agbe la, màɖu fia gbeɖegbeɖe o. Yi, nàkplɔe vɛ ale be mate ŋu awui!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa