Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 18:6 - Agbenya La

6 Esi ŋutsuawo trɔ gbɔna va aƒe le David ƒe Filistitɔ la wuwu vɔ megbe la, nyɔnuwo tso Israel ƒe duwo katã me be woado go Fia Saul. Wonɔ ha dzim, nɔ ɣe ɖum. Wodzi aseyetsohawo ɖe asiʋuiwo kple gakogoewo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Esi wogbɔ tso Dawid ƒe Filistitɔa wuƒe la, nyɔnuwo tso Israel-duwo katã me le ha dzim hele ɣe ɖum va kpe fia Saul; wole axatsɛ ƒom, le aseye tsom, eye wole gakogoe ƒom.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 18:6
11 Mawu Ofanana  

“Migagblɔe le Gat o; migaɖe gbeƒãe le Askelon ƒe ablɔwo dzi o. Ne menye nenema o la, Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo akpɔ dzidzɔ eye bolotɔwo ƒe vinyɔnuwo atso aseye.


David kple Israel ƒe aƒe blibo la katã nɔ dzidzɔ kpɔm, nɔ ɣe ɖum kple woƒe ŋusẽ katã le Yehowa ŋkume. Wonɔ ha dzim ɖe saŋkuwo, kasaŋkuwo, gaviwo kple gakogoewo ŋu.


Wonekafu eƒe ŋkɔ kple ɣeɖuɖu, eye woneƒo ha nɛ kple asiʋuiwo kple kasaŋku.


Aƒetɔ ɖe gbeƒã nya la, eye ameha gã aɖe do ɣli kplii be,


Woɖo ɖe fli me, hadzilawo le ŋgɔgbe, hafialawo ɖo, eye ɖetugbi siwo le axatsɛ ƒom la tsɔ wo ɖe dome.


Nyagblɔɖila Miriam, Aron nɔvinyɔnu ƒo axatsɛ, eye wònɔ ŋgɔ na nyɔnuawo woɖu ɣe.


Eye Miriam dzi ha sia: “Midzi ha na Yehowa, elabena eɖu dzi ŋusẽtɔe. Ede sɔ kple sɔdola atsiaƒu la me.”


Zi ale si Yehowa tsɔ eƒe toheti le Asiria ƒomii la, zi nenema kee axatsɛwo kple kasaŋkuwo anɔ ɖiɖim ne etsɔ eƒe alɔ sesẽ la le aʋa wɔm kplii le aʋagbedzi.


Esi Yefta trɔ va eƒe aƒe me le Mizpa la, ame aɖeke medo va kpee o, negbe via nyɔnu si nɔ ɣe ɖum ɖe asiʋui ŋu! Eya koe nye vi ɖeka si nɔ esi. Viŋutsu loo alo vinyɔnu aɖeke meganɔ esi wu eya o.


David zu Saul ƒe kpeɖeŋutɔ tɔxɛ eye wòwɔa dɔ sia dɔ si wòde asi nɛ la nyuie. Saul tsɔe ɖo aʋafiae ɖe eƒe aʋakɔwo nu eye nu sia dze asrafoawo kple ame bubuawo siaa ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa