Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 18:5 - Agbenya La

5 David zu Saul ƒe kpeɖeŋutɔ tɔxɛ eye wòwɔa dɔ sia dɔ si wòde asi nɛ la nyuie. Saul tsɔe ɖo aʋafiae ɖe eƒe aʋakɔwo nu eye nu sia dze asrafoawo kple ame bubuawo siaa ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Dawid yia afisiafi, si Saul ɖoe ɖo, eye wòdze adaŋu; Saul tsɔe do aʋawɔlawo katã nu, eye eƒe nu nyo dukɔ blibo la kple Saul ƒe dɔlawo ŋu.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 18:5
20 Mawu Ofanana  

Gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã megatsia dzi ɖe naneke ŋuti o, elabena Yosef kpɔa nu sia nu dzi nyuie. Yehowa nɔ kplii, eye nu sia nu dze edzi nɛ nyuie.


Ale David ƒe ŋkɔ kple ŋusẽ de dzi elabena Yehowa, Mawu ŋusẽkatãtɔ la nɔ kplii.


Tsã esi Saul nye fia le mia nu hã la, wòe nye ame si kplɔ Israel le eƒe aʋawɔwɔ katã me eye Yehowa gblɔ na wò be wòe akplɔ nye eƒe dukɔ, Israel eye wòe ava nye woƒe fia.”


Yehowa nɔ kple Yehosafat elabena ewɔ nu nyui abe ale si fofoa wɔ le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔwo me ene eye mesubɔ legbawo o.


Eya amea ɖi ati si wodo ɖe tɔʋuwo to, esi tsea ku le etseɣi, melũa xe o, eye nu sia nu si wòwɔna la, edzea edzi nyuie.


Makpɔ nyuie be menɔ agbe si ŋu mokaka mele o, eya ta gbe ka gbe nàva asrãm kpɔ? Mazɔ le aƒenye me kple dzi si ŋuti mokaka mele o.


“Mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖo ɖe amegaxi nyanyrawo dome. Midze aye abe dawo ene, eye midza abe akpakpawo ene.


ale gbegbe be wòɖee tso eƒe fukpekpewo katã me, eye gawu la, Mawu na be Egipte Fia Farao kpɔ ŋudzedze le eŋu. Le nunya manyagblɔ si Mawu na Yosef ta la, Farao tsɔe ɖo dudzikpɔla gãe le Egipte dukɔa me, eye wògaɖoe tatɔe le eƒe fiasã blibo la me hã.


Migawɔ nu abe bometsilawo ene o, ke boŋ midi nu si nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu.


Miwɔ mɔnukpɔkpɔ suetɔ kekeake ŋu dɔ ne miatsɔ aɖe gbeƒã nyanyui lae na ame bubuwo. Mizɔ le nunya me le miaƒe nuwɔnawo me.


Yehowa na Yuda ƒe viwo tsrɔ̃ woƒe futɔ siwo le tonyigba la dzi, ke womete ŋu ɖu ame siwo le balime la ya dzi o elabena gatasiaɖamwo nɔ woawo si.


etia aʋawɔla tɔxɛ akpe etɔ̃ (3,000) tso Israel. Ekplɔ wo dometɔ akpe eve ɖe eɖokui ŋuti yi Mikmas kple Betel to la dzi eye wògblẽ akpe ɖeka mamlɛa ɖe Yonatan, Saul ƒe vi gbɔ le Benyamin ƒe anyigba dzi. Eɖo asrafo bubuawo ɖe aƒe me.


Israel wɔ aʋa kple Filistitɔwo edziedzi le Saul ƒe agbenɔɣi. Ne Saul kpɔ ɖekakpui sesẽ kalẽtɔ aɖe ko la, ehenɛ dea eƒe aʋakɔ la me.


ke Israel kple Yuda blibo la lɔ̃e elabena enɔ ŋgɔ na wo le woƒe aʋawɔwɔ me.


Ɣe sia ɣi si Filistitɔwo ho aʋa ɖe Israelviwo ŋu la, David ƒe aʋakɔwo ɖua Filistitɔwo dzi wu Saul ƒe aʋakplɔla mamlɛawo tɔwo. Ale David ƒe ŋkɔ ɖi hoo le anyigba blibo la dzi.


Etsɔ awu ʋlaya si wòdo, eƒe aʋawu, yi kple dati hekpe ɖe alidziblanu ŋu nɛ. Fia Saul na David tsi Yerusalem eye megaɖe mɔ nɛ be wòatrɔ ayi wo de o.


Esi ŋutsuawo trɔ gbɔna va aƒe le David ƒe Filistitɔ la wuwu vɔ megbe la, nyɔnuwo tso Israel ƒe duwo katã me be woado go Fia Saul. Wonɔ ha dzim, nɔ ɣe ɖum. Wodzi aseyetsohawo ɖe asiʋuiwo kple gakogoewo ŋu.


Esi Samuel nɔ tsitsim la, Yehowa nɔ kplii eye wòna be nya sia nya si Samuel gblɔ la vaa eme.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa