1 Samuel 18:25 - Agbenya La25 Saul gblɔ na wo be, “Migblɔ na David be srɔ̃ɖenu si medi tso esi koe nye Filistitɔ alafa ɖeka ƒe aʋanuyiwo: hlɔ̃biabia nye futɔwo koe nye nu si mehiã.” Ke ta me si Saul ɖo lae nye be woawu David le aʋa la me! Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191325 Eye Saul gblɔ be: Ale miagblɔ na Dawid enye si: Fia mele srɔ̃ɖenua ɖeke dim o, negbe Filistitɔwo ƒe aʋanuyi alafa ɖeka ko, ne woabia hlɔ̃ fia ƒe futɔwo. Ke Saul bu be, yeana Dawid natsi Filistitɔwo si me. Onani mutuwo |
Gbe ɖeka la, Saul gblɔ na David be, “Mele klalo be matsɔ vinyenyɔnu tsitsitɔ, Merab, na wò, wòazu srɔ̃wò. Ke gbã la, ele be nàfia ɖokuiwò abe aʋawɔla nyui aɖe ene to Yehowa ƒe aʋawo wɔwɔ me.” Saul gblɔ alea elabena ebu le eɖokui me be, “Maɖoe ɖa wòawɔ aʋa kple Filistitɔwo eye mana woawui; esia anyo wu be nye ŋutɔ mawui.”