Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 18:23 - Agbenya La

23 Ke David ɖo eŋu be, “Aleke ame dahe abe nye ene, ame si tso ƒome gblɔe aɖe ko me la ate ŋu akpɔ srɔ̃ɖenuwo ana ɖe fiavinyɔnu ta?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Saul ƒe dɔlawo gblɔ nya siawo ɖe Dawid ƒe to me, eye Dawid gblɔ bena: Nu tsɛ wònye le mia ŋku me be, woazu fia ƒe toa? Ke nye la ame dahe menye, eye nyemele ɖeke me o.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 18:23
12 Mawu Ofanana  

Ale Yakob subɔ ƒe adre ɖe Rahel ta. Ke ƒe adreawo ɖi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko le eŋkume, elabena elɔ̃ Rahel ŋutɔ.


Tabianu alo nunana ka ke miabia la, mana mi; mina wòazu srɔ̃nye ko!”


Togbɔ be wodo vlom, eye nyemele ɖeke me o hã la, nyemeŋlɔ wò ɖoɖowo be o.


Ame dahewo ƒe aƒelikawo ke hã ƒoa asa na wo, ke xɔlɔ̃ geɖe nɔa kesinɔtɔwo si.


Ame si do fuflugba na ehavi la le ɖɔ ɖom na eya ŋutɔ ƒe afɔ.


Mikpɔ ale si gbegbe Fofo la lɔ̃a mí ɖa be woayɔ mí be Mawu viwo. Nyateƒe, Mawu viwoe míenye. Nu si ta xexemetɔwo menya mí o lae nye be womenya eya amea o.


David gblɔ le eɖokui me be, “Ame kae nye kple nye ƒome kpakple hlɔ̃ nye le Israel be maɖe fiavi? Fofonye ƒe ƒome mele ɖeke me o!”


Saul bla nu kple eƒe amewo be woable David be fia la kple yewo siaa yewolɔ̃e ŋutɔ eye yewobu be anyo be wòalɔ̃ ɖe susu si fia la do ɖa la dzi eye wòazu fia la ƒe toyɔvi.


Esi Saul ŋumewo gblɔ nya si David gblɔ la,


Saul ɖo eŋu be, “Amegã, nya ka gblɔm nèle? Benyamin ƒe to si nye to suetɔ kekeake le Israel la mee metso eye nye ƒome hãe nye ƒome gblɔetɔ kekeake le to la me! Ame bubue nàgblɔ nya siawo na hafi!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa