Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 18:21 - Agbenya La

21 Saul gagblɔ le eɖokui me be, “Esia nye mɔnukpɔkpɔ bubu nam be mana Filistitɔwo nawui.” Ke egblɔ na David be, “Àte ŋu anye nye toyɔvi faa elabena matsɔ vinyenyɔnu suetɔ na wò.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Tete Saul gblɔ bena: Matsɔe nɛ, ne wòatrɔ zu mɔ nɛ, eye Filistitɔwo ƒe asi natui! Eye Saul gblɔ na Dawid bena: Xɔ evelia, ne nanye nye to egbe!

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 18:21
11 Mawu Ofanana  

Ame siwo le nye agbe yome tim la tre mɔ nam, ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la le nu ƒom tso nye gbegblẽ ŋuti; ŋkeke blibo la wole ɖoɖo wɔm ɖe alakpadada ŋu.


Farao ƒe aɖaŋudelawo va Farao gbɔ azɔ, eye wobiae be, “Ɖe nèdi be yeatsrɔ̃ mí gbidigbidia? Ɖe mènya be fifia gɔ̃ hã la, nu sia nu gblẽ le Egipte oa? Ɖe asi le ameawo ŋu woayi aɖasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la.”


Ame si do fuflugba na ehavi la le ɖɔ ɖom na eya ŋutɔ ƒe afɔ.


“Ame vɔ̃ɖiwo le nye dukɔ me, ame siwo de xa abe ale si ŋutsu siwo trea mɔ na xeviwo wɔnɛ ene eye wole abe ŋutsu siwo trea mɔ na amewo ene.


Woƒe aɖe le abe aŋutrɔ si nu aɖi vɔ̃ɖi le la ene, elabena woƒoa nu bebletɔe, ame sia ame tsɔa eƒe nu ƒoa nu na ehavi bubutɔe, gake le eƒe dzi me la, etre mɔ ɖi nɛ.


Gbe ɖeka la, Saul gblɔ na David be, “Mele klalo be matsɔ vinyenyɔnu tsitsitɔ, Merab, na wò, wòazu srɔ̃wò. Ke gbã la, ele be nàfia ɖokuiwò abe aʋawɔla nyui aɖe ene to Yehowa ƒe aʋawo wɔwɔ me.” Saul gblɔ alea elabena ebu le eɖokui me be, “Maɖoe ɖa wòawɔ aʋa kple Filistitɔwo eye mana woawui; esia anyo wu be nye ŋutɔ mawui.”


Saul bla nu kple eƒe amewo be woable David be fia la kple yewo siaa yewolɔ̃e ŋutɔ eye yewobu be anyo be wòalɔ̃ ɖe susu si fia la do ɖa la dzi eye wòazu fia la ƒe toyɔvi.


Nya sia trɔ na David eya ta hafi ŋkekea naɖo na srɔ̃ɖeɖea la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa