Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 18:14 - Agbenya La

14 Ke nu sia nu si wòwɔna la dzea edzi nɛ elabena Yehowa li kplii.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Dawid ƒe mɔwo katã dzea edzi, elabena Yehowa li kplii.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 18:14
18 Mawu Ofanana  

Gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã megatsia dzi ɖe naneke ŋuti o, elabena Yosef kpɔa nu sia nu dzi nyuie. Yehowa nɔ kplii, eye nu sia nu dze edzi nɛ nyuie.


Ale David ƒe ŋkɔ kple ŋusẽ de dzi elabena Yehowa, Mawu ŋusẽkatãtɔ la nɔ kplii.


Yehowa nɔ kplii eye wòna nu sia nu si wòwɔ la dze edzi nɛ. Etso ɖe Asiria fia ŋu eye mesubɔe o.


Eda asrafo aɖewo ɖe Edom eye Edomtɔwo zu David teviwo. Yehowa na wòɖua dzi le afi sia afi si wòayi.


eye wòda asrafo aɖewo ɖe Aram le Damasko, si nye Aramtɔwo ƒe fiadu la me. Ale Aramtɔwo zu David tenɔlawo eye wodzɔa adzɔga nɛ ƒe sia ƒe. Ale Yehowa na David ɖua dzi le afi sia afi si wòyi.


Yehowa nɔ kple Yehosafat elabena ewɔ nu nyui abe ale si fofoa wɔ le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔwo me ene eye mesubɔ legbawo o.


Makpɔ nyuie be menɔ agbe si ŋu mokaka mele o, eya ta gbe ka gbe nàva asrãm kpɔ? Mazɔ le aƒenye me kple dzi si ŋuti mokaka mele o.


“Ɖetugbi si menya ŋutsu o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be, Imanuel” (si gɔmee nye, “Mawu li kpli mí ”).


Miafia nu nusrɔ̃la yeye siawo be woawɔ ɖe se siwo katã mede na mi la dzi, eye kakaɖedzi nenɔ mia si ɣe sia ɣi be meli kpli mi ɣe sia ɣi va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu.”


elabena meli kpli wò, eye ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò o, ame geɖewo le du sia me siwo nye tɔnyewo.”


Ale Yehowa nɔ kple Yosua, eye eƒe ŋkɔxɔxɔ kaka ɖe anyigba blibo la dzi.


Yehowa na Yuda ƒe viwo tsrɔ̃ woƒe futɔ siwo le tonyigba la dzi, ke womete ŋu ɖu ame siwo le balime la ya dzi o elabena gatasiaɖamwo nɔ woawo si.


Zi ale si dzesi siawo va eme la, wɔ nu sia nu si tsɔ asi gbɔ na wò elabena Mawu li kpli wò.


Subɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be yenya ɖekakpui aɖe tso Betlehem, enye ŋutsu aɖe si woyɔna be Yese la ƒe vi. Ɖekakpui sia menye kasaŋkuƒola nyui ɖeɖe ko o, ke boŋ enye ɖekakpui dzeɖekɛ, kalẽtɔ sesẽ kple ame ɖɔʋu aɖe hã. Gawu la, Yehowa li kplii.


Saul de dzesi David ƒe dzidzedzekpɔkpɔ, nu sia na be wògavɔ̃na na David wu tsã,


Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, aʋa gadzɔ ɖe Israelviwo kple Filistitɔwo dome. David nɔ eƒe aʋakɔ la nu, wowu Filistitɔ geɖewo eye aʋakɔ blibo la si le wo nu.


Esi Samuel nɔ tsitsim la, Yehowa nɔ kplii eye wòna be nya sia nya si Samuel gblɔ la vaa eme.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa