Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 17:8 - Agbenya La

8 Goliat tsi tsitre eye wòdo ɣli ɖo ɖe Israelviwo ƒe aʋalɔgowo be, “Nu ka ŋutie miedo go va ɖo fli hena aʋawɔwɔ? Ɖe menye Filistitɔe menye eye miawo hã míenye Saul ƒe dɔlawo oa? Mitia ŋutsu ɖeka eye miana wòava do gom le balia me

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye wòtsi tre yɔ Israel ƒe aʋalɔgoawo ɖa gblɔ na wo bena: Nukaŋuti mieho va dze aʋa? Alo menye Filistitɔ menye, eye miawo míenye Saul ƒe dolawo oa? Miɖe ŋutsu ɖeka le mia dome, ne wòava gbɔnye!

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 17:8
5 Mawu Ofanana  

Uria ɖo eŋu na David be, “Nubablaɖaka la kple Israel kpakple Yuda wole agbadɔ me. Nye aʋafia Yoab kple nye aƒetɔ ƒe amewo katã le gbedzi. Ɖe nye ya mayi aƒe me, ano wain, aɖu nu eye madɔ srɔ̃nye gbɔa? Meka atam be nyemaɖi fɔ to nu siawo wɔwɔ me o.”


Ke Yoab melɔ̃ ɖe nya sia dzi o. Ebia David be, “Ne Yehowa na eƒe amewo dzi ɖe edzi zi alafa ɖeka hã la, ɖe wo katã manye tɔwòwo oa? Nu ka ta nèle didim be míawɔ nu sia? Nu ka ta nàna Israel nakpɔ fɔbubu?”


Esi wònɔ nu ƒom kple nɔviawo la, Goliat, Filistitɔwo ƒe aʋakalẽ si tso Gat la do go ɖe ŋgɔgbe le eƒe aʋakɔwo ŋgɔ eye wòdo ɣli gblɔ alɔmeɖenya ma ke. David see.


David bia ŋutsu siwo nɔ tsitre ɖe egbɔ la be, “Nu kae woawɔ na ŋutsu si awu Filistitɔ sia ahaɖe ŋukpe sia ɖa le Israel ŋu? Ame kae nye Filistitɔ, bolotɔ sia, be wòanɔ alɔme ɖem le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu?”


Axɔ miaƒe lãhawo ƒe ewolia eye miawo ŋutɔ miazu eƒe kluviwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa