Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 17:52 - Agbenya La

52 Tete Israel kple Yuda ŋutsuwo lũ ɖe eme kple ɣli eye woti Filistitɔwo yome va se ɖe Gat kple Ekron ƒe agbowo nu. Filistitɔwo ƒe kukuawo kaka ɖe Saaraim kple Gat mɔ dzi va se ɖe Ekron ke.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

52 Eye Israel-ŋutsuwo kple Yuda-ŋutsuwo ho, eye wotso aseye heti Filistitɔwo yome vaseɖe bali la me kple Ekron ƒe agbo nu, eye Filistitɔwo tsi aʋa ɖe Saarayim-mɔ dzi vaseɖe Gat kple Ekron.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 17:52
10 Mawu Ofanana  

Ewu Filistitɔwo va se ɖe esime ɖeɖi te eƒe asi ŋu eye magate ŋu alé yi o; Yehowa na dziɖuɖu gã aɖee. Aʋawɔla mamlɛawo megatrɔ gbɔ o va se ɖe esime ɣeyiɣi ɖo hena afunyinuwo haha!


Ke Israelviwo xɔ Syriatɔwo ƒe sɔwo kple tasiaɖamwo ƒe akpa gãtɔ eye wowu Siriatɔ geɖewo.


Liƒo la yi togbɛ siwo le Ekron ƒe dzigbeme la gbɔ, trɔ ɖo ta Sikeron to, Baala to la ŋu, yi Yabneel hewu nu ɖe Domeƒu la to.


Woyɔ Israelvi siwo tso Naftali, Aser kple Manase la, wodo go eye woti Midiantɔwo yome.


Israelviwo trɔ le Filistitɔwo yome eye wova ha nuwo le woƒe asaɖa me.


Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo ta Ekron. Ke esi Ekrontɔwo kpɔe wògbɔna wo gbɔ ko la, wodo ɣli be, “Wotsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la gbɔna afi sia be wòawu mí kple míaƒe amewo.”


Ale woyɔ takpekpe na Filistitɔwo ƒe dziɖulawo katã, eye wobia wo be, “Nu ka míawɔ kple Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka?” Woɖo eŋu be, “Mitsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka yi ɖada ɖe Gat.” Ale woɖe Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la ɖa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa