Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 17:51 - Agbenya La

51 David ƒu du yi ɖe Filistitɔ la gbɔ, eɖe Goliat ŋutɔ ƒe yi le aku me eye wòwui hetso ta le enu. Esi Filistitɔwo kpɔ be yewoƒe kalẽtɔ la ku la, wotrɔ megbe eye wosi dzo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

51 Tete Dawid ƒu du te ɖe Filistitɔ la ŋu, eye wò ɖi eƒe yi le aku me hewui, eye wòtsɔe tso ta le enu. Esi Filistitɔwo kpɔ bena, woƒe kalẽtɔ ku la, wòsi.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 17:51
10 Mawu Ofanana  

Le ɣeyiɣi bubu hã la, ewu Egiptetɔ aɖe. Togbɔ be Egiptetɔ la lé akplɔ ɖe asi hã la, Benaya lũ ɖe edzi kple kpo, dui le esi eye wòtsɔ Egiptetɔ la ŋutɔ ƒe akplɔ wui.


Woyi aƒea me esime wòmlɔ anyi ɖe eƒe xɔ gã me. Esime wowui la, wotso ta le enu. Wokɔ eƒe ta ɖe asi eye wozɔ mɔ zã blibo la heto tagbamɔ.


Ale wode ka ve nɛ ɖe kadeveti si wòtu na Mordekai la ŋu, eye fia la ƒe dziku nu fa.


tsi dzo ƒe aɖewo nu, eye wosi le yi nu, ame siwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ trɔ zu ŋusẽ, wozu kalẽtɔwo le aʋa me, eye woɖu dzronyigbadziʋakɔwo dzi.


Esi ɖeviawo nye ŋutilã kple ʋu ta la, eya hã kpɔ gome le woƒe amenyenye me, ale be to eƒe ku me wòatsrɔ̃ ame si si ku ƒe ŋusẽ le, ame si nye Abosam,


Ale David ɖu Filistitɔ la dzi kple aŋetu kple kpe ɖeka, yi menɔ esi o gake ekpe le Filistitɔ la dzi eye wòwui.


David ɖe abla dzo elabena enɔ vɔvɔ̃m na Saul eye wòyi Fia Akis gbɔ le Gat.


Nunɔla la ɖo eŋu be, “Goliat, Filistitɔ si nèwu le Ela balime la ƒe yi le asinye. Woblae ɖe avɔ aɖe me le awuwo dzraɖoƒe le kɔmewu la megbe. Ne èlɔ̃ la, àte ŋu atsɔe elabena aʋawɔnu bubu aɖeke megale afi sia o.” David ɖo eŋu be, “Eya tututu dim mele; tsɔe nam!”


Woɖe Saul ƒe aʋawu le eŋu, tso ta le enu eye wotsɔ eƒe ta kple aʋawɔnu fia amewo le woƒe anyigba dzi godoo. Wotso aseye le dzidzɔnya sia ŋuti le woƒe legbawo kple dukɔmetɔwo ŋkume.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa