Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 17:45 - Agbenya La

45 David do ɣli gblɔ na Filistitɔ la be, “Wò la, ègbɔna gbɔnye kple yi, akplɔ nuevee kple akplɔ nuɖekɛ, gake nye la, megbɔna gbɔwò le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Aʋakɔwo ƒe Mawu la ame si ŋu nèɖe alɔme le la ƒe ŋkɔ me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 Dawid gblɔ na, Filistitɔ la bena: Wòa ètsɔ yi, tunuhlo kple akplɔ gbɔna gbɔnyee; ke nye la megbɔna gbɔwò le Yehowa Zebaot, Israel ƒe aʋalɔgo, siwo ŋu nède alɔme le la ƒe Mawu ƒe ŋkɔ me.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 17:45
21 Mawu Ofanana  

Asa do go yi be yeakpee eye eƒe amewo dze aʋa ɖi ɖe Zefata bali la me te ɖe Maresa ŋu.


Aʋakɔ gã aɖe le esi, eƒe aʋawɔlawo katã nye amegbetɔwo ko, ke míawo ya la, Yehowa, míaƒe Mawu, le mía dzi eye wòawɔ míaƒe aʋa na mí.”


Míaƒe xɔname le Yehowa, dziƒo kple anyigba Wɔla la gbɔ.


Yehowa nye nye agakpe, nye mɔ kple nye xɔnametɔ. Nye Mawu nye nye agakpe, eyae mesi tso. Eyae nye nye akpoxɔnu kple ɖeɖe ƒe ŋusẽ kple nye mɔ sesẽ.


Ame mawo la, wodzea klo, eye wodzea anyi, ke míawo ya, míenɔa tsitre, eye míedzɔna kã.


Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona. Na be wò yayra nanɔ wò amewo dzi. Sela.


Nyemeɖo ŋu ɖe nye aŋutrɔ ŋu o, eye nye yi mehe dziɖuɖu vɛ nam o,


Yehowa ƒe ŋkɔ nye mɔ sesẽ, ame dzɔdzɔewo sina yia eme eye wonɔa dedie.


Ame ka nèdzu hegblɔ busunyawo ɖe eŋuti? Ame ka ta nèle ɣli dom ɖo, eye ame ka nètre ŋku kpɔe dadatɔe? Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋutie!


“Ke menya afi si nèle. Menya ɣeyiɣi si nèdona gagbɔna, eye menya ale si nèdo dɔmedzoe ɖe ŋunye.


Menye amegbetɔwo ƒe aʋawɔnuwo míezãna o, ke boŋ Mawu ƒe ŋusẽ si tri akɔ wu nu sia nu lae míetsɔna ɖua Abosam ƒe ŋusẽwo katã dzi.


Míawo la, ŋusẽ aɖeke mele mía si si míate ŋu atsɔ awɔ nu siawo katã o, ke míaƒe ŋusẽ tso Mawu gbɔ.


Mate ŋu awɔ nu sia nu to eya, ame si doa ŋusẽm la me.


Tete Filistitɔ la yi edzi be, “Egbe meɖe alɔme le Israel ƒe aʋalɔgoawo ŋu! Miɖe ŋutsu ɖeka nam ne nye kplii míawɔ aʋa.”


David bia ŋutsu siwo nɔ tsitre ɖe egbɔ la be, “Nu kae woawɔ na ŋutsu si awu Filistitɔ sia ahaɖe ŋukpe sia ɖa le Israel ŋu? Ame kae nye Filistitɔ, bolotɔ sia, be wòanɔ alɔme ɖem le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu?”


Wò dɔla wu dzata kple sisiblisi eya ta anɔ na Filistitɔ bolotɔ sia hã abe woawo ke ene elabena eɖe alɔme le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu.


Edo akpoxɔnu si wowɔ kple akɔbli la ɖe afɔ eye wòlé akɔbli ƒe akplɔ didi aɖe ɖe abɔta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa