Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 17:43 - Agbenya La

43 Goliat do ɣli bia David be, “Avue menye hafi nètsɔ kpo ɖe ŋunyea?” Eyɔ woƒe mawuwo ƒe ŋkɔwo tsɔ ƒo fi de David.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Tete Filistitɔ la gblɔ na Dawid bena: Avũe menye, hafi nèfɔ kpowo gbɔna gbɔnyea? Eye Filistitɔ la yɔ eƒe mawuwo ƒo fi de Dawid.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 17:43
14 Mawu Ofanana  

Dukɔ geɖewo nazu kluviwo na wò. Àzu aƒetɔ ɖe nɔviwòwo dzi. Wò ƒometɔwo katã nade ta agu na wò. Woaƒo fi ade ame sia ame si aƒo fi de wò la, ke woayra ame sia ame si ayra wò la.”


Esi David kple eŋumewo gogo Bahurim la, ŋutsu aɖe do go tso kɔƒe aɖe me heƒo fi de wo. Ame siae nye Simei, Gera ƒe vi eye wòganye Saul ƒe ƒometɔ.


Abisai bia be, “Nu ka ta avu kuku sia aƒo fi ade wò, nye aƒetɔ, fia, mahã? Ɖe mɔ nam matso ta le enu!”


Abner do dɔmedzoe le Is Boset ƒe nyawo ta hegblɔ bena, “Avue menye le Yuda be woanɔ ƒoyem tso afii yi afimɛa? Menyo na wò kple fofowò vɔ be nyemetsɔ mi de asi na David o. Nye fetue nye miakpɔ vodada le nye kple nyɔnu aɖe ŋua?


Mefiboset tsyɔ mo anyi gblɔ be, “Nu kae wò dɔla nye be nètsɔ ɖe le eme na nye, ame si le abe avu kuku ene?”


Azɔ la, Siria fia la gblɔ ɖo ɖe Ahab be, “Mawuawo nafiam agafiam ɖe edzi ne nye aʋakɔ metrɔ Samaria wòzu ʋuʋudedi asiʋlo ʋɛ aɖewo ko o!”


Hazael gblɔ be, “Avue menyea? Nyemawɔ nu ma tɔgbi gbeɖegbeɖe o!” Ke Elisa ɖo eŋu be, “Yehowa na menya be wòe ava zu fia le Siria.”


Abe ale si atsutsrɔe dzonae alo sagbadrɛ saa agbae ene la, nenemae ɖiŋu si wodo na ame ɖe madzɔmadzɔ dzi la tsia yamee.


Azɔ la, va nàƒo fi ade ame siawo, elabena wosẽ akpa na mí. Ekema, ɖewohĩ, mate ŋu aɖu wo dzi, eye manya wo dzoe le anyigba la dzi. Elabena menya be ame siwo nèyrana la kpɔa yayra, eye ame siwo nèƒoa fi dena la kpɔa fiƒode.”


Le esime wonɔ nuŋeŋeŋkekenyui ɖum le Sekem le ƒe ma me le woƒe mawu ƒe gbedoxɔ me la, amewo no wain nyuie eye wode asi fiƒoƒo de Abimelek me.


Wodo ɣli na Yonatan be, “Lia toa nàva kpɔ nane ɖa.” Yonatan gblɔ na eƒe adekplɔvi be, “Lia toa eye nànɔ yonyeme tututu elabena Yehowa akpe ɖe mía ŋu míaɖu wo dzi!”


“Ame ka ŋutie Israel fia do go ɖo? Ame ka yome tim nèle? Avu kukua? Alo axɔ̃ ɖeka ŋua?


Yehowa ŋutɔ nanye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la eye wòadrɔ̃ nya le mía dome. Yehowa nebu nye nya ŋu eye wòaʋli tanye, neɖem tso asiwò me, esia anye afiatsotso nam.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa