1 Samuel 17:36 - Agbenya La36 Wò dɔla wu dzata kple sisiblisi eya ta anɔ na Filistitɔ bolotɔ sia hã abe woawo ke ene elabena eɖe alɔme le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191336 Alesi wò ɖɔla ƒoa dzata kple sisiblisi la, nenema ke wòava me na Filistitɔ bolotɔ sia abe wo dometɔ ɖeka ene, elabena Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu wòɖe alɔme le. Onani mutuwo |
Le esiawo katã teƒe la, èdo ɖokuiwò ɖe dzi, ɖe Dziƒo ƒe Aƒetɔ la ŋu. Èna wofɔ eƒe kpluwo tso eƒe gbedoxɔ me vɛ na wò eye wò kple wò ame ŋkutawo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãviwo mieno wain le wo me. Èkafu klosalo, sika, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe ƒe mawuwo, mawu siwo metea ŋu kpɔa nu, sea nu alo sea nu gɔme o. Mède bubu Mawu si lé wò agbe kple wò mɔwo katã ɖe eƒe asi me la ŋu o
Gbe ɖeka la, Saul gblɔ na David be, “Mele klalo be matsɔ vinyenyɔnu tsitsitɔ, Merab, na wò, wòazu srɔ̃wò. Ke gbã la, ele be nàfia ɖokuiwò abe aʋawɔla nyui aɖe ene to Yehowa ƒe aʋawo wɔwɔ me.” Saul gblɔ alea elabena ebu le eɖokui me be, “Maɖoe ɖa wòawɔ aʋa kple Filistitɔwo eye mana woawui; esia anyo wu be nye ŋutɔ mawui.”