Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 17:25 - Agbenya La

25 Azɔ la, Israelviwo nɔ gbɔgblɔm be, “Miekpɔ ale si ŋutsu sia le dodom ɖe ŋgɔ edziedzia? Edona be yeaɖe alɔme le Israel ŋu. Fia la ana kesinɔnu gã aɖe ame si awui, woatsɔ via nyɔnuvi hã nɛ wòaɖe eye woana be fofoa ƒe ƒometɔwo magaxe duga le Israel o.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye Israel-ŋutsuwo gblɔ bena: Miele ŋutsu sia, si do va la, kpɔma? Alɔme de ge wòva le Israel ŋu. Ne amea de wui la, fia ana kesinɔnu geɖe, atsɔ vianyɔnu nɛ wòaɖe, eye wòana fofoa ƒe aƒe magadze nu le Israel o.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 17:25
11 Mawu Ofanana  

Minyae hã be miekpɔ mɔ aɖo nudzɔdzɔ, adzɔ kple mɔtaho nunɔlawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo, gbedoxɔŋudzɔlawo alo dɔ bubu aɖe wɔla si le Mawu ƒe aƒe sia me la dzi o.


Petro ɖo eŋu nɛ be, “Le ame bubuwo si.” Yesu yi edzi gblɔ nɛ be, “Ekema mehiã be dukɔmeviwo naxe adzɔga o.”


Kaleb gblɔ be yeatsɔ ye vinyɔnu Aksa na ŋutsu si awɔ aʋa aɖu Kiriat Sefer dua dzi.


Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi si ame aɖeke menya o, negbe ame si xɔe la koe.


Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ɖu dzi la, mana ŋusẽe be wòaɖu agbeti si le Mawu ƒe Paradiso me la ƒe tsetsea.


Ame si aɖu dzi la, mawɔe wòazu sɔti le Mawu ƒe gbedoxɔ me, eye magado go akpɔ o. Maŋlɔ nye Mawu ƒe ŋkɔ ɖe eŋu, eye wòazu dumevi, atso nye Mawu ƒe du, Yerusalem Yeye la me. Du sia aɖiɖi tso nye Mawu gbɔ le dziƒo. Mawu ana woaŋlɔ nye ŋkɔ yeye la ɖe ame sia ŋu.


Mana ame si ɖu dzi la nanɔ nye axadzi le nye fiazikpui dzi abe ale si nye hã meɖu dzi, eye mele Fofonye gbɔ le eƒe fiazikpui dzi ene.


Ame si ɖu dzi la hã anɔ abe wo ameawo ene, anɔ awu ɣi me. Nyematutu eƒe ŋkɔ ɖa le agbegbalẽa me gbeɖe o, ke boŋ maʋu eƒe ŋkɔ me le Fofonye kple eƒe mawudɔlawo ŋkume.


Esi Israelviwo kpɔe ko la, vɔvɔ̃ ɖo wo eye wode asi sisi me.


Woawo hã gagblɔ nya siwo wogblɔ tsã va yi. Wogblɔ nɛ be, “Nu siae woawɔ na ame si awui.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa