Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 17:20 - Agbenya La

20 David fɔ ŋdi kanya, tsɔ alẽawo de asi na alẽkplɔvi ɖeka. Edo agba eye wòdze mɔ abe ale si Yese ɖo nɛ ene. Eɖo asaɖa la me esi asrafoawo bɔ asaɖa le aʋaɣli dom yina ɖe woƒe nɔƒewo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye Dawid fɔ ŋdi kanya hetsɔ alẽawo de asi na alẽkplɔla, eye wòdo agba heyi, abe alesi Isai de se ne ene; eye wòva tasiaɖamwo ƒe takpeƒe, esime aʋakɔ la dze aʋa ɖe asi aseyetsotso me.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 17:20
9 Mawu Ofanana  

Elabena ŋkeke aɖe gbɔna, eye wò futɔwo aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye woaɖe to aƒo xlã wò, axaxa wò le goawo katã dzi,


Yosua kple Israelviwo katã fɔ ŋdi kanya, eye wodze mɔ tso Sitim va ɖo Yɔdan tɔsisi la to le fiẽ me. Wotsi afi ma dɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo hafi tso tɔsisi la.


Le ŋdi kanya la, eyi ɖadi Saul; ame aɖe gblɔ nɛ be, “Saul yi Karmel to dzi afi si wòtu ŋkuɖodzikpe aɖe ɖo na eɖokui eye wòtso eme yi Gilgal.”


Wole Saul kple Israel ŋutsuwo dome le Ela balime me le aʋa wɔm kple Filistitɔwo.”


Israelviwo kple Filistitɔwo nɔ woƒe aʋalɔgowo me hedze ŋgɔ wo nɔewo.


Esi Eliab, David nɔviŋutsu tsitsitɔ see wònɔ nu ƒom kple ŋutsuawo la, etrɔ ɖe eŋu kple dziku hebiae be, “Nu ka tae nèva afi sia ɖo? Eye ame ka gbɔe nègblẽ alẽ ʋɛawo ɖo le gbea dzi? Menya dada si le mewò kple dzi vɔ̃ɖi si le mewò. Ɖe ko nèva afi sia be yeava kpɔ aʋa la teƒe.”


David yi enumake eye wòde dzesi afi si tututu Saul kple Abner, Ner vi, ame si nye Saul ƒe aʋafia la dɔna. Saul dɔa asaɖa la me eye eƒe amewo ƒua asaɖa anyi ƒoa xlãe.


Ale David kple Abisai yi Saul ƒe aʋakɔ la gbɔ le zã me. Wokpɔ Saul wòdɔ alɔ̃ eye wòtsɔ eƒe akplɔ tu anyigba le eƒe tagbɔ. Ke Abner kple eƒe aʋakɔ la ɖe to ɖee godoo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa