Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 16:14 - Agbenya La

14 Ke Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le Saul dzi. Yehowa na be gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dzea Saul dzi heɖea fu nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke Yehowa ƒe gbɔgbɔ dzo le Saul dzi, eye gbɔgbɔ vɔ̃e ɖe tso Yehowa gbɔ va noa fu ɖem ne.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 16:14
17 Mawu Ofanana  

ke nye lɔlɔ̃ maɖe ɖa le edzi abe ale si meɖee ɖa le Saul, ame si ɖu fia do ŋgɔ na wò la dzi ene o.


Mikaya yi edzi be, “Ɖo to nàse nya si Yehowa gblɔ la ƒe dziyiyi. Mekpɔ Yehowa wònɔ eƒe fiazikpui dzi eye dziƒoʋakɔwo tsi tsitre ƒo xlãe le eƒe ɖusi kple mia dzi.


“Yehowa biae be, ‘Aleke nàwɔ nu siae?’ “Mawudɔla la ɖo eŋu be, Mayi abe aʋatsokagbɔgbɔ ene, aɖo nu me na eƒe nyagblɔɖilawo katã. “Yehowa gblɔ be, ‘Esia anyo eye wòadze edzi hã, yi, nàwɔ alea.’


Mègatsɔm ƒu gbe le wò ŋkume, alo nàxɔ wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le asinye o.


eye ne viwòwo tsi la, maxɔ wo le asiwò, atsrɔ̃ wo. Baba na mi, ne metrɔ dzo le mia gbɔ. Anye blanuiléle ƒe ŋkeke.


Azɔ edo ɣli be, “Samson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò!” Samson nyɔ hebu le ta me be, “Mawɔ abe tsã ene. Maʋuʋu ɖokuinye eye magado tso woƒe asi me.” Ke medze sii be Yehowa dzo le ye gbɔ o.


Samson tsɔ eƒe ŋusẽ katã tutu sɔtiawo sesĩe


Mawu na dzre va dzɔ ɖe Fia Abimelek kple Sekemtɔwo dome, ale Sekemtɔwo tso ɖe fia la ŋu.


Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Saul dzi enumake eye wòdo dɔmedzoe vevie.


Saul ƒe subɔlawo gblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Mawu gbɔ le fu ɖem na wò.


Míaƒe aƒetɔ neɖe gbe na eƒe dɔlawo woayi aɖadi ame aɖe si nya kasaŋkuƒoƒo nyuie la vɛ, ame si aƒo kasaŋku ne gbɔgbɔ vɔ̃ tso Mawu gbɔ va dziwò eye awɔe be nàkpɔ gbɔdzɔe.”


Eye ne Mawu ƒe gbɔgbɔ la dze Saul dzi la, David tsɔa eƒe asi ƒoa kasaŋku eye edzi kana ɖena na Saul eye gbɔgbɔ vɔ̃ la dzona le edzi.


Esi ŋu ke la, gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Mawu gbɔ ɖe fu na Saul eye wòde asi nuwɔwɔ me abe tsukunɔ ene. David faa akɔ nɛ to kasaŋkuƒoƒo nɛ me, abe ale si wòwɔna ne gbɔgbɔ vɔ̃ la mena eƒe mo dze anyi o la ene. Ke, le ɣeyiɣi sia me la, Saul lé akplɔ ɖe asi.


Saul ʋã ŋu David elabena Yehowa li kple David hegblẽ eya Saul ɖi.


Samuel bia Saul be, “Nu ka ta nèɖe fu nam heyɔm vɛ?” Saul ɖo eŋu be, “Elabena meɖo xaxa gã aɖe me. Filistitɔwo gaho aʋa ɖe mía ŋu, ke Mawu gblẽm ɖi eye meɖo nya aɖeke ŋu to nyagblɔɖilawo dzi loo alo to drɔ̃ekuku me o. Eya ta meva yɔ wò be nàgblɔ nu si mawɔ la nam.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa